Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Hezekiel 48 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Anyigba la mamã.

1 Toawo ƒe ŋkɔwo nye esi: Tso anyiehe kekeake mlo ɖe Xetlon-mɔ ŋu to Xamat vaseɖe Xazer-Enon heɖe Damasko ƒe liƒo ɖe Xamat ƒe anyiehe gome; Dan nexɔ gome ɖeka tso ɣedzeƒe vaseɖe ɣetoɖoƒe.

2 Aser nexɔ gome ɖeka ɖe Dan ƒe liƒo ŋu tso ɣedzeƒe vaseɖe ɣetoɖoƒe.

3 Naftali nexɔ gome ɖeka ɖe Aser ƒe liƒo ŋu tso ɣedzeƒe vaseɖe ɣetoɖoƒe.

4 Manase nexɔ gome ɖeka ɖe Naftali ƒe liƒo ŋu tso ɣedzeƒe vaseɖe ɣetoɖoƒe.

5 Efrayim nexɔ gome ɖeka ɖe Manase ƒe liƒo ŋu tso ɣedzeƒe vaseɖe ɣetoɖoƒe.

6 Ruben nexɔ gome ɖeka ɖe Efrayim ƒe liƒo ŋu tso ɣedzeƒe vaseɖe ɣetoɖoƒe.

7 Yuda nexɔ gome ɖeka ɖe Ruben ƒe liƒo ŋu tso ɣedzeƒe vaseɖe ɣetoɖoƒe.

8 Adzo, si na ge miala la, nanɔ Yuda ƒe liƒo ŋu tso ɣedzeƒe vaseɖe ɣetoɖoƒe, woakeke abɔklugui akpe blave vɔ atɔ̃, eye wòadidi abe gomeawo dometɔ ɖeka ene tso ɣedzeƒe vaseɖe ɣetoɖoƒe, eye kɔkɔeƒe la nanɔ etitina.

9 Adzɔ, si miana Yehowa, nadidi abɔklugui akpe blave vɔ atɔ̃, eye wòakeke abɔklugui akpe blave.

10 Adzɔ kɔkɔe la nanye nunɔlawo to, wòadidi le anyiehe gome abɔklugui akpe blave vɔ atɔ̃, eye woakeke le ɣetoɖoƒe gome abɔklugui akpe ewo, wòakeke le ɣedzeƒe gome abɔklugui akpe ewo, eye wòadidi le dziehe gome abɔklugui akpe blave vo alɔ̃, eye Yehowa ƒe kɔkɔeƒe la nanɔ etitina;

11 nunɔla, siwo ŋu woka, amesiwo nye Zadok-viwo, eye wowɔ nye subɔsubɔdɔwo, wometrɔ le yonyeme abe Lewi-viwo ene, esime Israel-viwo tra mɔ o la tɔ wòanye.

12 Eye wòanye adzo, si woɖe le anyigba la ŋu na wo ɖe Lewi-viwo ƒe liƒo dzi ahanye nu kɔkɔetɔ.

13 Lewi-viwo mexɔe ɖe nunɔlawo ƒe liƒo ŋu wòadidi abɔklugui akpe blave vɔ atɔ̃, eye wòakeke abɔklugui akpe ewo. Didime blibo la nanye abɔklugui akpe blave vo atɔ̃, eye kekeme nanye abɔklugui akpe blave.

14 Womekpɔ mɔ atsɔ ɖe adzra o, womaɖɔ lii o, eye anyigba la ƒe nyuitɔ mayi ɖe ame bubu si me o; elabena nu kɔkɔe wònye na Yehowa.

15 Ke teƒe mamlea, si keke abɔklugui akpe atɔ̃ mlo ɖe didime abɔklugui akpe blave vɔ atɔ̃ ŋu la, nanye hahoo ƒe anyigba hena du la, wòanye nɔƒe kple lãnyiƒe, eye du la nano titina.

16 Du la ƒe dzidzeme enye si: Anyiehe gome nanye abɔklugui akpe ene alafa atɔ̃, eye dziehe gome nanye abɔklugui akpe ene alafa atɔ̃, ɣedzeƒe gome nanye abɔklugui akpe ene alafa atɔ̃, eye ɣetoɖoƒe gome nanye abɔklugui akpe ene alafa atɔ̃.

17 Lãnyiƒe, si anɔ dua ŋu, nake le anyiehe gome abɔklugui alafa eve kple blaatɔ̃, eye le dziehe gome abɔklugui alafa eve kple blaatɔ̃, le ɣedzeƒe gome abɔklugui alafa eve kple blaatɔ̃, eye le ɣetoɖoƒe gome abɔklugui alafa eve kple blaatɔ̃.

18 Didime la ƒe susɔea, si mlo ɖe adzo kɔkɔea ŋu hele abɔklugui akpe ewo le ɣedzeƒe gome kple abɔklugui akpe ewo le ɣetoɖoƒe gome la ƒe agble me nuwo nanye nuɖuɖu na dua ƒe agbledelawo.

19 Eye agbledela, siwo tso Israel ƒe toawo katã me le dua me la, nade agble ɖe edzi

20 Adzo blibo, si miana, kpakple du la ƒe anyigba nanye abɔklugui akpe blave vɔ alɔ̃ le dzogoe eneawo me, eye adzɔ kɔkɔe wòanye.

21 Ke mamlea, si le adzɔ kɔkɔe la kple du la ƒe anyigba ƒe goawo kple eve dzi la, nanye amegã la tɔ; amegã la tɔ nanɔ abɔklugui akpe blave vɔ atɔ̃ la xa le ɣedzeƒe gome vaseɖe ɣedzeƒe-liƒo dzi, eye wòanɔ abɔklugui akpe blave vɔ atɔ̃ la xa le ɣetodoƒe gome vaseɖe ɣetoɖoƒe-liƒo dzi ahasɔ kple toawo ƒe gomeawo; adzo kɔkɔe la kple xɔ kɔkɔe la nanɔ titina.

22 Lewi-viwo ƒe anyigba kple du la ƒe anyigba le amegã la tɔ dome, eye amegã la tɔ le Yuda ƒe liƒo kple Benyamin ƒe liƒo dome.

23 To mamleawo nye esi: Benyamin nexɔ gome ɖeka tso ɣedzeƒe vaseɖe ɣetodoƒe.

24 Simeon nexɔ gome ɖeka ɖe Benyamin ƒe liƒo ŋu tso ɣedzeƒe vaseɖe ɣetodoƒe.

25 Isaxar nexɔ gome ɖeka ɖe Simeon ƒe liƒo ŋu tso ɣedzeƒe vaseɖe ɣetodoƒe.

26 Zebulon nexɔ gome ɖeka ɖe Isaxar ƒe liƒo ŋu tso ɣedzeƒe vaseɖe ɣetodoƒe.

27 Gad nexɔ gome ɖeka ɖe Zebulon ƒe liƒo ŋu tso ɣedzeƒe vaseɖe ɣetoɖoƒe

28 Eye Gad ƒe liƒo le dziehe gome nanye liƒo, si tso Tamar vaseɖe dzrewɔtsi la nu le Kades heto tɔʋu la ŋu va ke ɖe atsiaƒu gã la nu.

29 Esia nye anyigba, si dzi miadzidze nu ɖo wòanye domenyinu na Israel ƒe toawo, eye esia nye woƒe gomewo, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Du kɔkɔe la ƒe nɔnɔme kple eƒe agbowo ŋkɔ.

30 Du la ƒe seƒewo nye esi: Anyiehe gome le abɔklugui akpe ene alafa atɔ̃.

31 Wotsɔ ŋkɔ na du la ƒe agbowo ɖe Israel-toawo nu; agbo etɔ̃ le anyiehe gome: Ruben-gbo ɖeka, Yuda-gbo ɖeka kple Lewi-gbo ɖeka.

32 Ɣedzeƒe gome le abɔklugui akpe ene alafa atɔ̃; agbo etɔ̃ le eŋu, siwo nye: Yosef-gbo ɖeka, Benyamin-gbo ɖeka kple Dan-gbo ɖeka.

33 Dziehe gome le abɔklugui akpe ene alafa atɔ̃, eye agbo etɔ̃ le eŋu, siwo nye: Simeon-gbo ɖeka, Isaxar-gbo ɖeka kple Zebulon-gbo ɖeka.

34 Ɣetoɖoƒe gome le abɔklugui akpe ene alafa atɔ̃, eye agbo etɔ̃ le eŋu, siwo nye: Gad-gbo ɖeka, Aser-gbo ɖeka kple Naftali-gbo ɖeka.

35 Eƒe lolome le abɔklugui akpe wuienyi, eye woayɔ dua tso gbemagbe dzi be: „Yehowa le afima“.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan