Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Hezekiel 47 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Tsi, si do go tso gbedoxɔ la me.

1 Eye wòkplɔm gbugbɔ yi xɔ la nu, eye kpɔ ɖa, tsi le dzidzim le xɔ la ƒe kpui te ɖo ta ɣedzeƒe gome; elabena xɔ la trɔ ŋgɔ dze ɣedzeƒe gome; eye tsi la si to xɔ la ƒe ɖusikpa dzi ɖo ta vɔsamlekpui la ƒe dzigbe gome.

2 Emegbe wòkplɔm to anyiehegbo nu, eye megado mo va agbo kɔtoetɔ, si dze ŋgɔ ɣedzeƒe gome la nu; eye kpɔ ɖa, tsi la le dzidzim le ɖusikpa dzi.

3 Eye ŋutsu la do ɖo ta ɣedzeƒe gome helé dzidzeka ɖe asi; edzidze abɔklugui akpe ɖeka, eye wòkplɔm to tsi la me, tsi la va se afɔkɔe.

4 Edzidze abɔklugui akpe ɖeka, eye wòkplɔm to tsi la me, tsi la va se klotevi nu; eye wògadzidze abɔklugui akpe ɖeka hekplɔm to tsi la me, tsi la va se ali.

5 Emegbe wògadzidze abɔklugui akpe ɖeka, tɔsisi wònye, nyemete ŋu tsoe o, elabena tsi la goglo, ale be ɖeko woate ŋu aƒui, tɔsisi, si womate ŋu atso o la, wònye.

6 Eye wògblɔ nam bena: Amevi, èkpɔea? Tete wòkplɔm gbugbɔ to tɔsisi la ŋu.

7 Eye esi metrɔ la, kpɔ ɖa, ati geɖewo mie ɖe tɔsisi la ƒe goawo kple eve dzi fũ.

8 Tete wògblɔ nam bena: Tsi sia si to ɣedzeƒe nutowo me, esi to tagba heɖade nu atsiaƒu, si nye Dzeƒu la me, eye eƒe tsi atrɔ zu tsi nyui.

9 Afisiafi, si to la de la, nu gbagbe, siwo katã ʋãna, agba agbe, eye tɔmelãwo asɔ gbɔ fũ; afisiafi, si to la va la, tsi la atrɔ zu tsi nyui, eye nusianu, si gbɔ tɔ la de la, agbɔ agbe.

10 Ɖɔkplɔlawo anɔ eto tso En-Gedi vaseɖe En-Eglayim, eye ɖɔkplɔƒe wòazu; eme lãwo asa gbɔ kpaŋkpaŋ abe atsiaƒu gã me lãwo ene.

11 Ke eƒe siiwo kple tawo matrɔ o, ke boŋ dze anɔ wo me.

12 Ati tseku vovovowo amie ɖe tɔsisi la ƒe goawo kple eve dzi, woƒe aŋgbawo mayrɔ o, eye woƒe tsetsewo nu matso o; woatse ku yeye ɣleti sia ɣleti, elabena kɔkɔeƒe la woƒe tsi dzo tso; woƒe tsetse anye nuɖuɖu, eye woƒe aŋgbawo anye dɔyɔgbe.


Anyigba la ƒe liƒowo.

13 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Liƒo, siwo me miamã anyigba la ɖo ɖe Israel ƒe to wuieveawo nu la enye si: Yosef nexɔ gome eve.

14 Amesiame nexɔe abe nɔvia ene, elabena mekɔ nye asi dzi ka atam be, matsɔe na mia fofowo, eye anyigba sia nanye miaƒe domenyinu.

15 Anyigba la ƒe liƒo le anyiehe gome ènye si: Tso atsiaƒu gã la nu to Xetlon vaseɖe Zedad,

16 Xamat, Berota, Sibrayim, si le Damasko ƒe liƒo kple Xamat ƒe liƒo dome, Xazer-Enon, si le Xauran ƒe liƒo dzi.

17 Ale liƒo la natso atsiaƒu nu vaseɖe Xazer-Enon le Damasko ƒe liƒo dzi, eye wòato anyiehe gome vaseɖe Xamat ƒe liƒo dzi; esia nye anyieheliƒo.

18 Ɣedzeƒe gome enye si: Yordan nanye liƒo le Xauran kple Damasko, Gilead kple Israel-nyigba dome; midzidzee tso liƒo kemea ŋu vaseɖe atsiaƒu la nu le ɣedzeƒe gome; esia nye ɣedzeƒekpa.

19 Dzieheliƒo natso Tamar vaseɖe dzrewɔtsi la nu le Kades, eye wòato tɔʋu la ŋu vaseɖe atsiaƒu gã la nu; esia nye dzieheliƒo.

20 Atsiaƒu gã la nanye liƒo le ɣetoɖoƒe gome tso liƒo sia gbɔ vaseɖe Xamat kasa; esia nye ɣetoɖoƒeliƒo.

21 Eye mimã anyigba sia ɖe mia nɔeawo dome ɖe Israel ƒe toawo nu.

22 Ne miedzidze nu ɖe edzi, be wòanye miaƒe domenyinu la, mibu amedzro, siwo le mia dome, eye wodzi viwo ɖe mia dome la abe Israel-viwo ƒe aƒeviwo ene; woaxɔ domenyinu kpe ɖe mia ŋu ɖe Israel ƒe toawo dome.

23 Eye to, si me amedzroa le la, afimae miana eƒe domenyinu: ɖo, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan