Hezekiel 46 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Amegãwo ƒe numeme. 1 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Xɔxɔnu metɔ ƒe agbo, si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la, nano dodo le gbedzrogbe-ŋkeke adeawo dzi, ke woaʋui le dzudzɔgbe kple dzinu yeye dzi. 2 Amegã la nato agba la ƒe akpata nu le gota gome age ɖe eme ahatsi tre ɖe agbo la ƒe ʋɔtruti ŋu, eye ne nunɔlawo le eƒe numevɔ kple akpedavɔ sam la, wòano gbe dom ɖa le agbo la ƒe agbali nu, emegbe wòadzo; ke womegado agbo la vaseɖe fiẽ o. 3 Eye dukɔ hahoo la nanɔ gbe dom ɖe le agbo ma nu le Yehowa ŋku me le dzudzɔgbewo kple dzinu yeyewo dzi. 4 Numevɔ, si amegã la nasa na Yehowa le dzudzɔgbe enye: Alẽvi ade, siwo so blibo, kple agbo ɖeka, si sɔ blibo; 5 nuɖuvɔsa efa ɖeka nakpe ɖe agbo la ŋu, eye nuɖuvɔsa, si wòate ŋu ana, nakpe ɖe alẽviawo ŋu, eye ami hin ɖeka nanɔ efa ɖeka ŋu. 6 Dzinu yeye la tɔ nanye nyitsuvi ɖeka, si sɔ blibo, kple alẽvi ade kpakple agbo ɖeka, siwo sɔ blibo. 7 Wòatsɔ nuɖuvɔsa efa ɖeka akpe ɖe nyitsu la ŋu kple efa ɖeka akpe ɖe agbo la ŋu, ke wòakpe alesi nu woate ŋu ana la, ɖe alẽviawo ŋu, eye ami hin ɖeka nanɔ efa ɖeka ŋu. 8 Ne amegã la be, yeage ɖe eme la, neto agbo la ƒe akpata nu yi eme, eye wòato mɔ ma ke ado. 9 Eye ne dukɔ hahoo la va Yehowa ŋku me le ŋkekenyuiewo dzi la, ekema amesi to anyiehe-gbo nu ge ɖe eme be yeado gbe ɖa la, neto dziehe-gbo nu do, eye amesi to dziehe-gbo nu ge ɖe eme la, neto anyiehe-gbo nu ɖo; amea ɖeke megagbugbɔ to agbo, si nu wòto ge ɖe eme la o, ke boŋ neɖo la ŋgɔ tẽ, ne wòado go. 10 Amegã la nenɔ wo dome, ne wova eme, eye ne wode la, wòado kpli wo. 11 Le ŋkekenyuiewo dzi kple ŋkekenyuiewo ƒe takpegbewo la nuɖuvɔsa efa ɖeka nakpe ɖe nyitsu ɖeka ŋu eye efa ɖeka nakpe ɖe agbo ɖeka ŋu, ke wòakpe alesi nu woate ŋu la, ɖe alẽviawo ŋu, eye ami hin ɖeka nanɔ efa ɖeka ŋu. 12 Eyi ne amegã la be, yeasa numevɔ alo akpedavɔ na Yehowa le eɖo kui si la, ekema woaʋu agbo, si ɖe ta ɣedzeƒe gome la nɛ, eye wòase eƒe numevɔ kple akpedavɔ, abe alesi wòwɔna le dzudzɔgbe ene, emegbe wòado go, eye ne edzo la, ekema woatu agbo la. 13 Eye wòatsɔ alẽvi, si xɔ ƒe ɖeka, eye wòsɔ blibo la, asa numevɔe na Yehowa gbesiagbe; ŋdi sia ŋdi woatsɔe asa vɔe. 14 Wòatsɔ nuɖuvɔsa efa ƒe adeliawo ɖeka akpe ɖe eŋu asa vɔe ŋdi sia ŋdi hekpe de ami hin ƒe etɔ̃liawo ɖeka ŋu, ne woatsɔ adzaba wɔ memee wòanye nuɖuvɔsa na Yehowa; ɖoɖo anye esia ɖaa. 15 Ale wòatsɔ alẽvi la, nuɖuvɔsa kple ami la asa numevɔe ɖaa ŋdi sia ŋdi. Amegãwo ƒe domenyinunana wo viwo. 16 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Ne amegã la na eƒe anyigbaa de viawo dometɔ ɖeka la, netsi viawo si me ahanye woƒe domenyinu. 17 Eye ne ena eƒe anyigbaa ɖe eƒe kluviwo dometɔ ɖeka la, ekema nenye etɔ, vaseɖe esime ablɔɖeƒe naɖo, emegbe wòagayi ɖe amegã la si me; negbe viawo ƒe domenyinu koe atsi wo si me. 18 Ke amegã la megaka dukɔ la ƒe anyigba, ne wòaxɔ woƒe anyigba le wo si sesẽ o, ke boŋ netsɔ eya ŋutɔ ƒe anyigba na viawo, ne wòanye wo tɔ, ne nye dukɔ la dometɔa ɖeke magaka hlẽ tso eƒe anyigba dzi o. Nuɖaxɔwo. 19 Eye wòkplɔm to mɔnu, si le agbo la ƒe axa dzi la, heyi nunɔlawo ƒe xɔvi kɔkɔe, siwo le anyiehe gome la me; eye kpɔ ɖa, teƒea ɖe le axa dzi le ɣetoɖoƒe gome. 20 Tete wògblɔ nam bena: Teƒe siae nunɔlawo naɖa fɔɖivɔsalã kple nuvɔ̃vɔsalã le, eye afisiae woatɔ nuɖuvɔsa le, ne womagatsɔe ayi xɔxɔnu kɔtoetɔ ana dukɔ la ŋu nakɔ o. 21 Emegbe wòkplɔm yi xɔxɔnu kɔtoetɔ, eye wòkplɔm to xɔxɔnu la ƒe dzogoe eneawo dzi, kpo ɖa, xɔxɔnu suesuewo le xɔxɔnu la ƒe dzogoewo dzi. 22 Xɔxɔnu suesuewo le xɔxɔnu la ƒe dzogoe eneawo dzi, wodidi abɔklugui blane, eye wokeke abɔklugui blaetɔ̃; dzidzeme ɖeka li na xɔxɔnu sue eneawo katã. 23 Woɖo glikpoe ƒo xlã wo ame eneawo katã me, eye woɖi mlekpui ɖe glikpoeawo ŋu godoo va kpe. 24 Eye wògblɔ nam bena: Esia nye nuɖaxɔ, afisi aƒe la ƒe subɔlawo aɖa dukɔ la ƒe akpedavɔsalã le. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana