Hezekiel 45 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Anyigba tɔxɛ na nunɔlawo, Lewitɔwo kple amegãwo. 1 Eye ne miemã anyigba la wònye mia tɔ la, ekema miɖe adzo le anyigba la ŋu wòanye nu kokoe na Yehowa, eƒe didime nanye abɔklugui akpe blave vɔ atɔ̃, eye woakeke abɔklugui akpe blave; eŋu nekɔ le eƒe goawo katã me. 2 Woaɖe abɔklugui alafa atɔ̃ le esia ŋu wòano dzogoe ene me hena kɔkɔeƒe la, eye woatso teƒe ɖi ɖe eŋu aƒo xlãe godoo ava kpe wòanɔ abɔklugui blaatɔ̃. 3 Teƒe sia, si didi abɔklugui akpe blave vo atɔ̃, eye wòkeke abɔklugui akpe ewo la dzi kɔkɔeƒe, si nye kɔkɔeƒewo ƒe kɔkɔeƒe la, nanɔ. 4 Nu kɔkɔe wònye tso anyigba la ŋu; nunɔla, siwo le subɔsubom le kɔkɔeƒe la, amesiwo fena ɖe Yehowa ŋu, ne woasubɔe la to wòanye; xɔteƒe wòanye na wo, eye teƒe kɔkɔe wònye kpe ɖe kɔkɔeƒe la ŋu. 5 Eye teƒe, si didi abɔklugui akpe blave vɔ atɔ̃, eye wòkeke akpe ewo la, nanye Lewi-vi, siwo subɔna le aƒea me la to, ne woatso du ɖe edzi anɔ eme. 6 Eye mitsɔ du la ƒe anyigba na Israel ƒe aƒe blibo la wòakeke abɔklugui akpe atɔ̃, eye wòadidi abɔklugui akpe blave vɔ atɔ̃, woa kple adzo kɔkɔe la nanɔ akasa ɖeka nu. 7 Eye miana anyigba amegã la ɖe akpa eveawo dzi ɖe anyigba kɔkɔe la kple du la ƒe anyigba ƒe akpa dzi wòaƒo go kple anyigba kɔkɔe la le ɣetoɖoƒe gome kpakple du la ƒe anyigba le ɣedzeƒe gome, eƒe didime nanɔ akasa ɖeka nu kple anyigba, si le ɣetoɖoƒe kple ɣedzeƒe gome. 8 Esia nye eƒe anyigba, si ana esi le Israel, bene nye amegãwo magate nye dukɔ ɖe anyi azɔ o, ke boŋ woatsɔ anyigba la ana Israel ƒe aƒe la ɖe woƒe towo nu. Nudanu sɔsɔe nanɔ amegãwo si. 9 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Israel-amegãwo, esɔ gbɔ na mi azɔ! Miɖe asi te ameteteɖeanyi kple ŋutasesẽ ŋu; miwɔ nu dzɔdzɔe kple nusi le eteƒe, eye midzudzɔ adzodada nye dukɔ; Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe! 10 Nudanu sɔsɔe, efa kple bat sɔsɔe nenɔ mia si. 11 Efa kple bat nesɔ kple wo nɔewo, ale be xomer ewoliawo ɖeka nanye bat ɖeka, eye efa ɖeka nanye xomer ewolia ɖeka; xomer nu nudonuiwo nanɔ ɖo. 12 Gera blave nanye sekel ɖeka; sekel atɔ̃ nanye sekel atɔ̃, sekel ewo nanye sekel ewo, eye sekel blaatɔ̃ nanye mine ɖeka na mi. 13 Adzɔ, si miana, enye si; Woaɖe lu efa ƒe adeliawo ɖeka le xomer ɖeka ŋu, eye woaɖe ƒo eta ƒe adeliawo ɖeka le xomer ɖeka ŋu. 14 Ami, si miana la, enye si: Woaɖe bat ewolia ɖeka le kor ɖeka ŋu; kor enye bat ewo, eye wòsɔ kple xomer ɖeka; elabena bat ewo enye xomer ɖeka. 15 Eye woaɖe alẽ ɖeka le alẽ alafa eve ŋu tso Israel ƒe lãnyiƒe damawo ɖe nuɖuvɔsa, numevɔsa kple akpedavɔsa ŋu, ne woatsɔ alé avui, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe. 16 Dukɔ hahoo la katã natsɔ adzɔ siawo vɛ na Israel-amegã la. 17 Amegã la si me numevɔsa, nuɖuvɔsa kple nunovɔsa le ŋkekenyuiewo dzi, le dzinu yeyewo kple dzudzɔgbewo dzi, kpakple le Israel ƒe takpegbewo katã nanɔ, eya ana woasa nuvɔ̃vɔ, nuɖuvɔ, numevɔ kple akpedavɔ, ne woalé avu na Israel ƒe aƒe la. Numeme ŋu se. 18 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la nate nyitsuvi, si sɔ blibo la, eye natsɔ aɖe nuvɔ̃ ɖa le kɔkɔeƒe lã ŋu. 19 Eye nunɔla natsɔ nuvɔ̃vɔsalã ƒe ʋu ƒe ɖe asisi ɖe xɔ la ƒe ʋɔtrutiwo kple vɔsamlekpui la ƒe kawo ƒe dzogoe eneawo kple xɔxɔnu metɔ ƒe ʋɔtrutiwo ŋu. 20 Alea nawɔ le dzinu adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi ɖe amesiwo ɖe ŋu ɖi alo wɔ nu le manyamanya me la ta, ne mialé avu na aƒe la. 21 Le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia dzi la miaɖu ŋutitoto-ŋkekenyuie; miaɖui ŋkeke adre sɔŋ, eye woaɖu abolo maʋãmaʋã. 22 Gbemagbe amegã la nana woatsɔ nyitsu ɖeka asa nuvɔ̃vɔ ɖe eya ŋutɔ kple dukɔ hahoo la ta. 23 Le ŋkekenyuie la ƒe ŋkeke adreawo me la wòana woatsɔ nyitsu adre kple agbo adre, siwo so blibo la, asa numevɔe na Yehowa gbesiagbe, eye woatso gbɔ̃tsu ɖekaɖeka asa nuvɔ̃vɔe gbesiagbe. 24 Eye woatso nuɖuvɔsa efa ɖeka akpe ɖe nyitsu ɖeka ŋu, eye efa ɖeka nakpe ɖe agbo ɖeka ŋu, eye ami hin ɖeka nanɔ efa ɖeka ŋu. 25 Le dzinu adrelia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi le ŋkekenyuie dzi la woawo alea ke ŋkeke adre sɔŋ, nuvɔ̃vɔsa kple numevɔsa, nuɖuvɔsa kple amiawo nanɔ abe ekemeawo ene. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana