Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Hezekiel 44 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Le gbedoxɔ yeyea nunɔlawo ŋuti.

1 Tete wògbugbɔm va kɔkɔeƒe ƒe agbo kɔtoetɔ, si dze ŋgɔ ɣedzeƒe gome la nu; ke ele dodo.

2 Eye Yehowa gblɔ nam bena: Agbo sia netsi dodo, womaʋui o, eye amea ɖeke mato enu age ɖe eme o; esi wònye Yehowa, Israel ƒe Mawu la, to enu ge ɖe eme la, eyata netsi dodo.

3 Ke amegã la nebɔbɔ nɔ anyi ɖe eme, ne wòaɖu nu le Yehowa ŋku me. Agbo la ƒe akpata ƒe axa dzi wòato ava eme, eye afima ke wòato ado go.

4 Emegbe wòkplɔm to anyiehegbo la nu yi gbedoxɔ la nu, eye mekpɔ be, Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ya Yehowa ƒe xɔ la taŋ; tete metsyɔ mo anyi.

5 Eye Yehowa gblɔ nam bena: Amevi, ɖo ŋku anyi nakpɔ nu kple ŋku, eye nase nya, siwo katã gblɔ ge mala na wò le Yehowa ƒe aƒe ƒe ɖoɖowo katã kple sewo katã ŋu la, kple wò to; lé ŋku ɖe afisi woato age ɖe aƒe la me kple kɔkɔeƒe la ƒe afisiwo katã woato ado la ŋu.

6 Eye gblɔ na Israel ƒe aƒe sẽto la bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Israel ƒe aƒe, míaƒe ŋunyɔnuwo katã do ɖoɖo,

7 elabena miekplɔ amedzro, siwo nye bolotɔwo, eye wometso dziʋa hã na wo o la vɛ, be woanɔ nye kɔkɔeƒe la, eye woagblẽ kɔ ɖo na nye aƒe la; eye mietu nye nubabla la hekpe ɖe miaƒe ŋunyɔnuwo katã ŋu, le esime mietsɔ nye nuɖuɖu, ami kple ʋu sa vɔe,

8 eye miewɔ nye kɔkɔeƒe la ƒe dowo o, ke boŋ mieɖo woawo, be woasubɔ le nye kɔkɔeƒe la.

9 Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Amedzro, siwo nye bolotɔwo, wometso dziʋa hã na wo o, amedzro, siwo katã le Israel-viwo dome la dometɔa ɖeke megava nye kɔkɔeƒe la o;

10 ke boŋ Lewi-vi, siwo trɔ le yonyeme, esime Israel tra mɔ, eye wòdzo le gbɔnye hedze legbawo yome la ƒe vodadawo anɔ wo dzi;

11 eye woanye aƒe la ƒe agbonudzɔlawo le nye kɔkɔeƒe la, eye woasubɔ le aƒe la me; Woawu numevɔsalã kple akpedavɔsalã na dukɔ la, eye woatsi tre ɖe wo gbɔ asubɔ wo.

12 Esi wosubɔ wo le woƒe legbawo ŋku me, eye wokplɔ Israel ƒe aƒe la de vodada me la, eyata mekɔ nye asi dzi ɖe wo ŋu, ka atam bena: Ne womatsɔ woƒe vodadawo o fi! Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.

13 Womate ɖe ŋunye anye nunɔlawo asubɔm o, eye womate ɖe nye nu kɔkɔewo katã, siwo nye nu kɔkɔetɔwo la ŋu o, ke boŋ woatso woƒe ŋukpe kple ŋunyɔnu, siwo wowɔ la.

14 Eye matsɔ wo aɖo aƒe la ƒe subɔlawo hena eƒe subɔsubɔdɔwo katã kple dɔ, siwo katã wowɔna le eme.

15 Ke nunɔla, siwo nye Lewi-viwo, amesiwo tso Zadok-viwo dome, eye wosubɔ le nye kɔkɔeƒe la me, esime Israel-viwo trɔ le yonyeme la, woawo nete ɖe ŋunye, ne woasubɔm, eye woatsi tre ɖe ŋkunye me, ne woatsɔ ami kple ʋu asa vɔ̃e nam, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.

16 Woawo neyi nye kɔkɔeƒe la, eye woate de nye kplɔ ŋu, ne woasubɔm, eye woawɔ nye subɔsubɔdɔwo.

17 Ne wobe, yewoage ɖe xɔxɔnu metɔ ƒe agbo me la, woaɖo aklalawuwo; lãfuvɔa ɖeke megana wo ŋu, ne wole subɔsubɔm le xɔxɔnu metɔ ƒe agbowo me kple xɔ la me o.

18 Aklalatablanu nenɔ la na wo, eye woaɖo aklalagbotɛ ɖe ali; womegatsɔ nusi woa fifia ame la, bia ali dzi o.

19 Ne wole dodo ge ayi dukɔ la gbɔ le xɔxɔnu kɔtoetɔ la, woaɖe woƒe awu, siwo wodo subɔ la, ɖe xɔvi kɔkɔeawo me, eye woado awu bubuwo, ne womagatsɔ woƒe awuwo ana dukɔ la ŋu nakɔ o.

20 Womegalũ ta kokoe o, ke womegana woƒe taɖa nato ʋuya o, ke boŋ woako ta wòasɔ.

21 Nunɔlaa ɖeke megano wein, ne ele xɔxɔnu metɔ yi ge o.

22 Womaɖe ahosi alo nyɔnu, si wogbe la o, ke boŋ woaɖe ɖetugbi tso Israel ƒe aƒe ƒe ƒome la me; ke wokpɔ mɔ aɖe nunɔlawo ƒe ahosi.

23 Woafia vovo, si le nu kɔkɔe kple nu makɔmakɔ dome, kpakple vovo, si le nu madzamadza kple nu dzadzɛ dome la, nye dukɔ.

24 Woabɔbɔ nɔ anyi ɖe dzrenyawo ŋu, eye woadrɔ̃ ʋɔnu ɖe nye ɖoɖowo nu; woalé ŋku ɖe nye sewo, nye ɖoɖowo kple nye ŋkekenyuiewo katã ŋu, eye woakɔ nye dzudzɔgbe la ŋuti.

25 Womegayi ame kuku gbɔ, ne woagblẽ kɔ ɖo na wo ɖokui o; negbe wo fofo kple wo dada, wo viŋutsu kple wo vinyɔnu, wo nɔviŋutsu kple wo nɔvinyɔnu, si meɖe srɔ̃ o la ŋu ko wokpɔ mo agblẽ kɔ ɖo le.

26 Ne eŋu kɔ la, woaxlẽ ŋkeke adre nɛ,

27 eye gbesigbe wòyi xɔxɔnu metɔ le kɔkɔeƒe la, be yeasubɔ le kɔkɔeƒea la, nesa nuvɔ̃vɔ, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.

28 Woƒe domenyinu enye si. Nye ŋutɔe nye woƒe domenyinu; migana gomea ɖeke wo le Israel o, nye ŋutɔe nye woƒe gome.

29 Woaɖu nuɖuvɔsa, nuvɔ̃vɔsa kple fɔɖivɔsa, eye nusiwo katã wodo busui le Israel la, nanye wo tɔ.

30 Miaƒe agblemenu gbãtɔwo katã ƒe nyuitɔwo kple miaƒe adzɔwo katã ƒe adzɔ enye nunɔlawo to, mitso miaƒe amɔwɔ ŋgɔgbeawo na nunɔlawo, ne yayra nanɔ aƒewò me.

31 Lã kukuwo katã kple lã, siwo nu lé, eɖanye xe alo lãfɔnee o la, nunɔlawo mekpɔ mo aɖui o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan