Hezekiel 43 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Gbedoxɔ yeyea ƒe ŋutikɔkɔe. 1 Emegbe wòkplɔm yi agbo, si dze ŋgɔ ɣedzeƒe gome la nu. 2 Eye kpɔ ɖa, Israel ƒe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe tso ɣedzeƒe gome va, eye eƒe zinyenyẽ le abe tɔ gãwo ƒe hoowɔwɔ ene, eye eƒe ŋutikɔkɔe na anyigba le keklẽm. 3 Eye nusi mekpɔ la, le abe esi mekpɔ, esime meva dua gblẽ ge la ene, eye nɔnɔmeawo le abe esiwo mekpɔ le Kebar-tɔsisi la nu ene. Tete metsyɔ mo anyi. 4 Eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe to agbo, si dze ŋgɔ ɣedzeƒe gome la nu ge ɖe xɔ la me. 5 Tete gbɔgbɔ la kɔm ɖaɖa ɖe xɔxɔnu metɔ, eye kpɔ da, Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ xɔ la taŋ. 6 Tete mese amea ɖe le nu ƒom kplim tso xɔa me; ke ŋutsu la tsi tre ɖe axanye. 7 Eye wògblɔ nam bena: Amevi, esia enye nye fiazikpui nɔƒe kple nye afɔƒome ɖoƒe, afisi manɔ le Israel-viwo dome tegbee, eye Israel ƒe aƒe la, woawo kple woƒe fiawo magatsɔ woƒe gbolowɔwɔ le woƒe nuxeƒewo kple woƒe fiawo ƒe kukuawo ado gu nye ŋkɔ kɔkɔe la azɔ o; 8 wotsɔ woƒe kpuiwo ɖo nye kpui nu, eye wotsɔ woƒe ʋɔtrutiwo ɖo nye ʋɔtrutiwo xa, ale be gli koe tso mía kple wo dome; eye wotsɔ woƒe ŋunyɔnu, siwo wowɔ la, do gu nye ŋkɔ kɔkɔe la, ale be metsrɔ̃ wo le nye dɔmedzoe me. 9 Azɔ woate woƒe gbolowɔwɔ kple woƒe fiawo ƒe kukuawo ɖa le gbɔnye, eye manɔ wo dome tegbee. 10 Amevi, fia gbedoxɔ la Israel ƒe aƒe la, ne woƒe vodadawo nakpe ŋu na wo; eye na woadzidze eƒe nɔnɔme. 11 Eye ne woƒe nuwɔnawo katã kpe ŋu na wo la, ekema ɖe xɔ la ƒe nɔnɔme kple etutume, eƒe mɔnuwo kple ʋɔtruwo, eƒe nɔnɔmewo katã, eƒe ɖoɖowo katã kple sewo katã fia wo, eye naŋlɔ wo le wo ŋku me, ne woadzra eƒe nɔnɔmewo katã kple eƒe ɖoɖowo katã ɖo, eye woawɔ wo dzi. 12 Se, si le aƒea ŋu la, enye si: Eya kple eŋu katã godoo le kɔkɔe le toa ta me. Esia nye se, si le aƒea ŋu. Vɔsamlekpui la kple eƒe dzidze. 13 Vɔsamlekpui la ƒe dzidze enye si le abɔklugui nu; abɔklugui ɖeka tsɔ asi ƒe kekeme wu abɔklugui hahoo tɔ: Eƒe zɔ kɔ abɔklugui ɖeka, eye wòkeke abɔklugui ɖeka; woɖo to nɛ ƒo xlãe wòkeke asi ɖeka. Vɔsamlekpui la ƒe kɔkɔme enye si: 14 Tso eƒe zɔ, si le anyigba gbɔ, vaseɖe kɔ etetɔ ŋu le abɔklugui eve, eye wòkeke abɔklugui ɖeka; tso kɔ suetɔ gbɔ vaseɖe kɔ gãtɔ ŋu le abɔklugui ene, eye wòkeke abɔklugui ɖeka. 15 „Mawu ƒe mlekpui“ la le abɔklugui ene, eye dzo ene le „Mawu ƒe mlekpui“ la ta ɖo ta dzi. 16 „Mawu ƒe mlekpui“ la didi abɔklugui wuieve, eye wòkeke abɔklugui wuieve, ele dzogoe ene me le eƒe go eneawo dzi. 17 Kɔawo didi abɔklugui wuiene, eye wokeke abɔklugui wuiene le woƒe go eneawo; to, si woɖo nɛ ƒo xlãe la, le abɔklugui afã, eye eƒe zɔ la le abɔklugui ɖeka godoo va kpe. Eƒe atrakpuifɔflɔwo dze ŋgɔ ɣetodoƒe gome. 18 Eye wògblɔ nam bena: Amevi, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Vɔsamlekpui la ƒe ɖoɖowo nye esi: Ne wowɔe vɔ, be woasa numevɔ le edzi, eye woawu ʋu ɖe edzi la, 19 ekema natsɔ nyitsuvi ɖeka na nunɔla, siwo nye Lewi-viwo, amesiwo tso Zadok-viwo dome, eye wokpɔ mɔ ate ɖe ŋunye, ne woasubɔm la, be woatsɔ asa nuvɔ̃vɔe; Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe. 20 Tsɔ eƒe ʋu ƒe ɖe sisi ɖe eƒe dzo eneawo kple eƒe kawo ƒe dzogoe eneawo kpakple to, si woɖo nɛ godoo va kpe la ŋu, eye nade nuvɔ̃ ɖa le eŋu alé avui. 21 Eye natsɔ nuvɔ̃vɔsanyitsu la aɖatɔ dzoe ɖe aƒe la ƒe teƒe, si woɖo ɖi le kɔkɔeƒe la godo la. 22 Le ŋkeke eveagbe la natsɔ gbɔ̃tsu, si sɔ blibo la, asa nuvɔ̃vɔe, eye woatsɔe aɖe nuvɔ̃ ɖa le vɔsamlekpui la ŋuti, abe alesi wotsɔ nyitsu ɖe nuvɔ̃ ɖa le eŋui ene. 23 Ne èɖe nuvɔ̃ ɖa le eŋu vɔ la, naɖe nyitsu, si sɔ blibo, kple agbo, si sɔ blibo, le alẽwo dome asa vɔe. 24 He wo va Yehowa ŋku me, eye nunɔlawo nawu dze ɖe edzi ahatsɔe asa numevɔe na Yehowa. 25 Ŋkeke adre sɔŋ natsɔ nuvɔ̃vɔsa ƒe gbɔ̃tsu, nyitsuvi kple agbo tso alẽwo dome asa vɔe; nu megawɔ wo hafi woatsɔ asa vɔ lae o. 26 Ŋkeke adre sɔŋ woalé avu vɔsamlekpui la, woaklɔ eŋu, eye woakɔ eŋu. 27 Eye ne wowu ŋkeke siawo nu vɔ la, ekema nunɔlawo nasa miaƒe numevɔwo kple miaƒe akpedavɔwo tso ŋkeke enyilia dzi heyii, eye miaƒe nu adze ŋunye. Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana