Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Hezekiel 40 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Ŋutega kpɔkpɔ le gbedoxɔ yeyea ŋuti. Gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnuwo, agboawo kple akpatawo.

1 Le aboyoɖeɖe mí ƒe ƒe blave vɔ atɔ̃lia ƒe gɔmedzedzea me, le dzinu la ƒe ŋkeke ewolia dzi, le esi wòsi du la ƒe wuiene megbe la, ŋkeke ma dzi tututu Yehowa ƒe asi va dzinye, eye wòkplɔm yi afimae.

2 Ekɔm le Mawu ƒe ŋutega me va dro ɖe to kɔkɔ booa ɖe dzi le Israel-nyigba dzi, eye wòle abe dua ɖee wotso ɖe edzi le dziehe gome ene.

3 Esi wòkplɔm va afimae la, kpo ɖa, ŋutsua ɖe le tsi tre ɖe agbo nu, eƒe nɔnɔme le abe akɔbli ene, eye wòlé anazika gbegbe kple dzidzeti ɖe asi.

4 Eye ŋutsu la gblɔ nam bena: Amevi, kpɔ nu kple ŋku, se nu kple to, eye nalé ŋku ɖe nusiwo katã mele fiawo ge la ŋu; elabena ɖe wokplɔ wò va afisiae, be woafia nu wò. Gblɔ nusiwo katã kpɔ ge nala la, na Israel ƒe aƒe la.

5 Eye gli ƒo xlã xa la godoo va kpe. Dzidzeti, si le ŋutsua si la, le abɔklugui ade; abɔklugui ɖeka tsa asi ƒe kekeme wu abɔklugui hahoo tɔ. Eye wodzidze gli la, ekeke dzidzeti ɖeka, eye wòkɔ dzidzeti ɖeka.

6 Eye wòyi ɖe agbo, si dze ŋgɔ ɣedzeƒe gome la nu, eflɔ eƒe atrakpuiwo, eye wodzidze agbo la ƒe agbalinu wòkeke dzidzeti ɖeka,

7 eye xɔvi, siwo le agbo la ƒe axawo kple eve dzi ƒe ɖesiaɖe didi dzidzeti ɖeka, eye wòkeke dzidzeti ɖeka. Teƒe, si le xɔviawo domee, le abɔklugui atɔ, eye agbo metɔ ƒe agbali, si xe ɖe agbo la ƒe akpata ŋu, le dzidzeti ɖeka.

8 Eye wodzidze agbo la ƒe akpata, si le eme gome wòle dzidzeti ɖeka.

9 Edzidze agbo la ƒe akpata wòle abɔklugui enyi, eye eƒe domegliwo le abɔklugui eve; agbo la ƒe akpata le eme go dzi.

10 Xɔvi etɔ̃ le agbo, si dze ŋgɔ ɣedzeƒe gome la ƒe akpa ɖeka, eye wo ame etɔ̃ le akpa keme; dzidze ɖeka li na wo ame etɔ̃awo katã, eye dzidze ɖeka li na woƒe domegliawo le go si kple go keme me.

11 Edzidze agbo la ƒe mɔnu wòkeke abɔklugui ewo, eye agbo la me keke abɔklugui wuietɔ̃.

12 Adzrala le xɔviawo ŋgɔ do ɖe ŋgɔgbe, abɔklugui ɖeka le afi kple afime; xɔviawo le abɔklugui adeade le afi kple afime.

13 Eye wodzidze agbo la ƒe kekeme tso xɔvi ɖeka megbe vaseɖe evelia megbe wòle abɔklugui blave vɔ atɔ̃; mɔnu dze ŋgɔ mɔnu.

14 Ewɔ akpata la wòle abɔklugui blave, eye xɔxɔnu la va tɔ agbo la ƒe akpata le goawo katã me.

15 Tso agbo gotatɔ nu vaseɖe akpata ƒe agbo metɔ nu le abɔklugui blaatɔ̃.

16 Fesre, siwo ƒe nugbɔ keke ɖo ta eme lɔƒo ɖe xɔviawo kple woƒe domegliwo gbɔ la, le agbo la ŋu godoo va kpe, alea fesrewo ƒo xlã akpata la hãe, eye wòta detiwo ɖe domegliawo ŋu.

17 Eye wòkplɔm yi xɔxɔnu egodotɔ, kpɔ ɖa, xɔviwo le xɔxɔnu la, eye wotsɔ kpe srã anyigbae godoo va kpe; xɔviawo le blaetɔ̃, eye wotsɔ kpe srã wo nui.

18 Kpenyigba le agbo la ƒe axawo dzi ɖe agbo la ƒe didime nu; esia nye kpenyigba anyigbe gometɔ.

19 Eye wodzidze kekeme, si tso anyigbe-gbo la nu, le eme gome vaseɖe xɔxɔnu metɔ nu wòle abɔklugui alafa ɖeka, alea wòle le ɣedzeƒe kple anyiehe hã.

20 Eye wodzidze agbo, si le anyiehe gome le xɔxɔnu kɔloetɔ ŋu la ƒe didime kple kekeme.

21 Xɔvi etɔ̃ le eƒe axa ɖeka, eye wo ame etɔ̃ le axa evelia, eƒe domegliwo kple akpata la ƒe dzidzeme sɔ kple agbo gbãtɔ tɔ; edidi abɔklugui blaatɔ̃, eye wòkeke abɔklugui blave vɔ atɔ̃.

22 Eƒe fesrewo, eƒe akpata kple eƒe detiwo i ƒe dzidzeme sɔ kple agbo, si le ɣedzeƒe gome la tɔ, atrakpuifɔflɔ adre woliana vaa edzi, eye eƒe akpata le eme lɔƒo.

23 Xɔxɔnu metɔ ƒe agbo dze ŋgɔ agbo, siwo le anyiehe kple ɣedzeƒe; eye wòdzidzee tso agbo ɖeka nuyi evelia nu wòle abɔklugui alafa ɖeka.

24 Tete wòkplɔm yi dziehe gome, eye kpɔ ɖa, agboa ɖe dze ŋgɔ dziehe gome; eye wodzidze eƒe domegliwo kple eƒe akpata wòle abe dzidzeme kemeawo ene.

25 Fesrewo le eya kple eƒe akpata ŋu godoo va kpe abe fesre kemeawo ene; edidi abɔklugui blaatɔ̃, eye wòkeke abɔklugui blave vɔ atɔ.

26 Atrakpuifɔflɔ adre woliana yia edzi, eƒe akpata le eme gome, eye detiwo le eƒe domegliwo ŋu le go si kple go keme me.

27 Agbo le xɔxɔnu meta ŋu ɖo ta dziehe gome, eye wòdzidzee tso agbo ɖeka nuyi evelia nu le dziehe gome wòle abɔklugui alafa ɖeka.

28 Tete wòkplɔm to dzigbegbo la nu yi xɔxɔnu metɔ; eye wodzidze dzigbegbo la abe dzidzeme kemeawo ene.

29 Eƒe nɔviwo, domegliwo kple eƒe akpata wole abe dzidzeme kemeawo ene, eye fesrewo le eya kple eƒe akpata ŋu godoo va kpe; eƒe didime le abɔklugui blaatɔ̃, eye wòkeke abɔklugui blave vɔ atɔ̃.

30 Akpatawo ƒo xlãe godoo va kpe, ɖesiaɖe didi abɔklugui blave vɔ atɔ, eye wòkeke abɔklugui atɔ̃.

31 Eƒe akpata ɖo ta xɔxɔnu kɔtoetɔ gbɔ, detiwo le eƒe sɔtiwo ŋu, eye atrakpuifɔflɔ enyi woliana yia edzi.

32 Eye wòkplɔm yi xɔxɔnu metɔ le ɣedzeƒe gome, eye wodzidze agbo la abe dzidzeme kemeawo ene.

33 Eƒe xɔviwo, domegliwo kple eƒe akpata le abe dzidzeme kemeawo ene, fesrewo le eya kple eƒe akpata ŋu godoo va kpe; edidi abɔklugui blaatɔ̃, eye wòkeke abɔklugui blave vɔ atɔ̃.

34 Eƒe akpata ɖo ta xɔxɔnu kɔtoetɔ gbɔ, detiwo le eƒe domegliwo ŋu le go si kple go keme me, eye atrakpuifɔflɔ enyi woliana yia edzi.

35 Eye wòkplɔm yi anyiehe-gbo la nu; edzidze

36 eƒe xɔviwo, domegliwo kple eƒe akpata wòle abe dzidzeme kemeawo ene, eye fesrewo le eŋu godoo va kpe; edidi abɔklugui blaatɔ̃, eye wòkeke abɔklugui blave vɔ atɔ̃.

37 Eƒe akpata ɖo ta xɔxɔnu kɔtoetɔ gbɔ, detiwo le eƒe domegliwo ŋu le go si kple go keme me, eye atrakpuifɔflɔ enyi woliana yia edzi.

38 Eye xɔvia ɖe li, si fe ŋgɔdze le agbo la ƒe domegliwo ŋu, afima wokpalaa numevɔsalã le.

39 Kplɔ̃ eve le agbo la ƒe akpata ƒe go si me, eye eve le go keme me, woawo dzi wowua numevɔsalã, nuvɔ̃vɔsalã kple fɔɖivɔsalã le.

40 Ne wòto agbo la nu va la, kplɔ eve le glia godo de anyiehe gome, eye kplɔ̃ eve le agbo la ƒe akpata ƒe gli evelia godo.

41 Kplɔ ene le agbo la ƒe gli ƒe go si me, eye kplɔ̃ ene le go keme me, wole kplɔ enyi, siwo dzi wowua lã le.

42 Eye wotsɔ kpe fufuwo wɔ kplɔ̃ ene ɖe numevɔsa ŋu, wodidi abɔklugui ɖeka kple afã, wokeke abɔklugui ɖeka kple afã, eye wokɔ abɔklugui ɖeka, woawo dzi woatsɔ hɛ, siwo wotsɔna wua numevɔsalã kple akpedavɔsalã la ada ɖo.

43 Woɖo to na kplɔ̃awo godoo va kpe wòkɔ asi ƒe kekeme ɖeka, eye woawo dzi wodaa vɔsalãwo ɖo.

44 Eye wòkplɔm yi agbo metɔ me, kpɔ ɖa, xɔvi eve le xɔxɔnu metɔ la, ɖeka le anyiehegbo ƒe axa dzi hetrɔ ŋgɔ dze dziehe gome, eye evelia le dziehe-gbo ƒe axa dzi hetrɔ ŋgɔ dze anyiehe gome.

45 Eye wògblɔ nam bena: Xɔvi, si trɔ ŋgɔ dze dziehe gome la, enye nunɔla, siwo le dɔ wɔm le aƒea me la tɔ;

46 eye xɔvi, si trɔ ŋgɔ dze anyiehe gome la, enye nunɔla, siwo le dɔ wɔm le vɔsamlekpuia ŋu la tɔ; woawo nye Zadok-viwo tso Lewi-viwo dome, amesiwo kpɔ mɔ ate ɖe Yehowa ŋu asubɔe.

47 Eye wodzidze xɔxɔnu la, edidi abɔklugui alafa ɖeka, eye wòkeke abɔklugui alafa ɖeka; ele dzogoe ene me, vɔsamlekpui la le xɔa ŋgɔdze.

48 Emegbe wòkplɔm yi xɔ la ƒe akpata me, eye wòdzidze akpata la ƒe domegliwo, go si metɔ le abɔklugui atɔ̃, eye go keme metɔ le abɔklugui atɔ̃, agbo la ƒe kekeme le abɔklugui wuiene, eye agbo la ƒe axa dzi gli le abɔklugui etɔ̃ le go si me, eye wòle abɔklugui etɔ̃ le go keme me.

49 Akpata la didi abɔklugui blave, eye wòkeke abɔklugui ewo; atrakpuifɔflɔ ewo woliana yia edzi, eye sɔtiwo le domegliawo ŋu, ɖeka le go si me, eye evelia le go keme me.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan