Hezekiel 38 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Nyagblɔɖi le Gog ƒe anyigba la dzidzedze kple eƒe sisi ŋuti. 1 Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena: 2 Amevi, trɔ mo ɖe Gog ŋu le Magog-nyigba dzi, amesi nye amegã le Ros, Mesex kple Tubal, eye nagblɔ nya ɖi ɖe eŋu 3 gblɔ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Gog, mele ƒoƒo ge ɖe dziwò, wò amesi nye amegã le Ros, Mesex kple Tubal. 4 Mable nuwo, eye made ga alɔgo na wò ahakplɔ mia kple wò aʋakɔ blibo la, sɔwo kple sɔdolawo, adzoe, wo katã woɖo atsyɔ̃, ameha gã, si kpla akpoxɔnu gã kple via, eye wo katã wòlé yi ɖe asi. 5 Persia, Kus kple Put kpe ɖe wo ŋu, akpoxɔnu kple gakuku le wo katã si, 6 hekpe ɖe Gomer kple eƒe aʋakɔ blibo la, Togarma ƒe aƒe, si le anyiehe kekeake kple eƒe aʋakɔ blibo la ŋu; du geɖe kpe ɖe ŋuwò. 7 Dzra ɖokuiwò ɖo, mia kple ameha, siwo katã ƒo ƒu ɖe ŋuwò la, misu te, eye nanye woƒe tatɔ. 8 Le ɣeyiɣi geɖe megbe la woade se na wò! Le ƒewo ƒe nuwuwu la ayi anyigba, si vo tso yi si me la dzi, dukɔ, si woƒo ƒu tso dukɔ geɖewo dome wole Israel-to, siwo nye gbegbe eteƒe didi la dzi, dukɔ, si wokplɔ tso dukɔwo dome, eye wo katã woli ɖe dzi ɖi. 9 Aho ava abe ahom ene, eye ava abe alilikpo ene, anyẽ atsyɔ anyigba la, mia kple wò aʋakɔ blibo la, eye dukɔ geɖewo akpe ɖe ŋuwò. 10 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Gbemagbe la nu aɖo dzi me na wò, eye aɖo tame vɔ̃ɖi 11 agblɔ bena: Maho ɖe anyigba, si le nuvo la ŋu eye maƒo ɖe amesiwo li bɔkɔɔ, eye woɖe dzi ɖi la dzi, amesiwo li, eye gli, gameti kple agbo mele wo si o, 12 ne naha nu, naɖe aboyo nu, eye nanye wò asi ɖe aƒedo, si me ame le, kple dukɔ, si woƒo ƒu tso dukɔwo dome la dzi, amesiwo si lãwo kple kesinɔnuwo le, eye wole anyigba ƒe ƒoƒoli nu. 13 Seba, Dedan kple Tarsis ƒe asitsalawo kpakple woƒe dzatawo katã agblɔ na wò be: Ɖe nèva, be naha nu, eye ɖe neƒo wò amehawo nu ƒu, be naɖe aboyo nu, nalɔ klosalo kple sika ahatsɔ lãwo kple kesinɔnuwo adzoe, eye naxa nu geɖewoa? 14 Eyata amevi, gblɔ nya ɖi, eye nagblɔ na Gog bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Ne nye dukɔ Israel li heɖe dzi ɖi la, àho ɣemaɣi, 15 àtso nɔwòƒe le anyiehe kekeake ava, eye dukɔ geɖe akpe ɖe ŋuwò, wo katã woanɔ sɔ dzi, ameha gã kple aʋakɔ dranyi wòanye; 16 eye àho ɖe nye dukɔ Israel ŋu, anyẽ atsyɔ anyigba la abe alilikpo ene; ŋkekeawo ƒe nuwuwu wòava me; Gog, makplɔ wò aƒu nye anyigba, ne dukɔwo nadze sim, ne mekɔ ɖokuinye ŋu ɖe ŋutiwò le wo ŋku me! 17 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi; Wòe nye amesi ŋu meƒo nu le le blema-ŋkekewo me to nye ɖɔla Israel ƒe nyagblɔɖilawo dzi, amesiwo gblɔ nya ɖi ɣemaɣi ƒe geɖe be, wòe wole kpɔkplɔ ge ava ƒu woa? 18 Aƒetɔ Yehowa be: Ava me le ɣemaɣi be, gbesigbe Gog aho ɖe Israel-nyigba ŋu la, nye dɔmedzoe ade dzi le nye ŋɔti me. 19 Nye ŋuʋaʋã kple nye dziku ƒe dzo mee meƒo nu le be, ɣemaɣi la anyigbaʋuʋu gãa ɖe le Israel-nyigba dzi nɔ ge. 20 Ƒumelãwo kple dziƒoxewo, gbemelãwo kple nutata, siwo katã tana le anyigba dzi, kpakple amegbetɔ, siwo katã le anyigba dzi la, adzo kpekpekpe le ŋkunye me, towo aŋe adze eme, agakpewo amũ, eye gliwo katã amũ adze anyi. 21 Aƒetɔ Yehowa be: Mayɔ yi ɖe eŋu le nye towo katã dzi, eye amesiame atsɔ yi ɖe ehavi ŋu. 22 Matsɔ dɔvɔ̃ kple ʋu, tsidzadza gãwo kple tsikpewo adrɔ̃ ʋɔnui, eye mana dzo kple aŋɔ nadza ɖe eya kple eƒe aʋakɔ kpakple dukɔ geɖe, siwo kpe ɖe eŋu la dzi. 23 Mado gã ɖokuinye, makɔ ɖokuinye ŋu, eye maɖe ɖokuinye afia le dukɔ geɖewo ŋku me, ne woadze sii be, nyee nye Yehowa. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana