Hezekiel 37 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Israel fe tsitretsitsi. 1 Eye Yehowa ƒe asi va dzinye, eye wòtsɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔ kplɔm yi ɖada ɖe tagba, si yɔ fũ kple ameƒuwo. 2 Ekplɔm towo ŋui godoo, kpɔ ɖa, wosɔ gbɔ le tagba la fũ, eye woƒu kplakplakpla. 3 Tete wògblɔ nam be: Amevi, ɖe ƒu siawo agagbɔ agbea? Meɖo ŋu bena: Aƒetɔ Yehowa, wò ŋutɔ ènyae! 4 Eye wògblɔ nam bena: Gblɔ nya ɖi ɖe ƒu siawo ŋu gblɔ na wo bena: Mi ƒu ƒuƒuwo, mise Yehowa ƒe nya! 5 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ na ƒu siawo enye si: Made gbɔgbɔ mia me, ne miagbɔ agbe. 6 Made lãmeka mia ŋu, eye mana lã naɖo mia ŋu; mafa agbalẽ ɖe mia ŋu, eye made gbɔgbɔ mia me, be miagbɔ agbe, ne miadze sii be, nyee nye Yehowa. 7 Eye megblɔ nya ɖi, abe alesi wode se nam ene. Esi megblɔ nya ɖi la, hoowɔwɔ le ɖiɖim, ƒuawo le kpekpem ɖe wo nɔewo nu, eye wo dome ɖesiaɖe va nɔvia gbɔ. 8 Eye meɖo ŋku anyi hekpɔ bena, lãmeka dowo ŋu, lã ɖo wo ŋu, eye agbalẽ fa ɖe edzi, ke gbɔgbɔ mekpɔ ɖo wo me haɖe o. 9 Tete wògblɔ nam bena: Gblɔ nya ɖi do ɖe gbɔgbɔ, amevi, gblɔ nya ɖi, eye nagblɔ na gbɔgbɔ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Gbɔgbɔ tso ya eneawo gbɔ nava, agbɔ ɖe ame kuku siawo me, ne woagbã agbe! 10 Eye megblɔ nya ɖi, abe alesi wode se nam la ene. Tete gbɔgbɔ va ɖo wo me, eye wogbɔ agbe hetso ɖe woƒe afɔwo dzi, aʋakɔ gã nyadria ɖe wonye. 11 Eye wògblɔ nam bena: Ƒu siawo nye Israel ƒe aƒe blibo la! Kpɔ ɖa, wole gbɔgblɔm be: „Tsi no le míaƒe ƒuwo me, miaƒe mɔkpɔkpɔ nu yi, eye miebu!“ 12 Eyata gblɔ nya ɖi nagblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Nye dukɔ, kpɔ ɖa, mele miaƒe yɔdowo ʋu ge, mana miado atso miaƒe yɔdowo me, eye makplɔ mi ayi miaƒe anyigba dzi. 13 Nye dukɔ, miadze sii be, nyee nye Yehowa, ne meʋu miaƒe yɔdowo, eye mena mieɖo tso miaƒe yɔdowo me. 14 Made nye gbɔgbɔ mia me, ne miagbɔ agbe, eye makplɔ mi aɖo miaƒe anyigba dzi, ne miadze sii be, nyee nye Yehowa. Yehowa be: Nyee gblɔe, eye mawɔe hã. Israel dzadzraɖo. 15 Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena: 16 Amevi, tsɔ ati naŋlɔ nu ɖe edzi be: „Yuda kple Israel-vi, siwo wɔ ɖeka kplii la tɔe.“ Eye gatsɔ ati bubu naŋlɔ nu ɖe edzi bena: „Yosef, si nye Efrayim ƒe ali, kple Israel ƒe aƒe blibo, si wɔ ɖeka kplii la tɔe.“ 17 Eye natsiã wo ɖe wo nɔewo nu, ne woanye ati ɖeka anɔ asiwò me. 18 Eye ne mia ɖeviwo gblɔ na wò bena: Gblɔ gɔme, si le eme na wò na yewo la, 19 ekema gblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, matsɔ Yosef ƒe ati, si le Efrayim si, kple Israel-to, siwo wo ɖeka kplii la, atsiã ɖe Yuda ƒe ati nu, eye matsɔ wo awɔ ɖekae, ne woanye ati ɖeka anɔ asinye me. 20 Lé ati, siwo dzi neŋlɔ nu ɖo la, ɖe asi le wo ŋku me, 21 eye nagblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, maɖakplɔ Israel-viwo atso dukɔwo dome, afisi woʋu yi, eye maƒo wo nu ƒu atso goawo katã me ava woƒe anyigba dzi. 22 Matsɔ wo awɔ dukɔ ɖekae ɖe anyigba dzi le Israel-towo dzi, eye fia ɖeka anye wo katã ƒe fia, womaganye dukɔ eve azɔ o, eye womagamã ɖe fiaɖu ƒe eve me azɔ o. 23 Womagatsɔ woƒe legbawo kple woƒe ŋunyɔnuwo kpakple woƒe dzidadawo katã agblẽ kɔ ɖo na wo ɖokui azɔ o, maɖe wo tso woƒe dzidada, siwo katã wotsɔ wɔ nuvɔ̃e la me, eve makɔ wo ŋu, ne woanye nye dukɔ, eye manye Mawu na wo. 24 Nye dɔla Dawid anye fia ɖe wo nu, eye kplɔla ɖeka ana wo katã si, woazɔ ɖe nye sewo nu, eye woalé nye ɖoɖowo me ɖe asi ahawɔ wo dzi. 25 Woanɔ anyigba, si dzi wo fofowo no, eye metsɔ na nye dɔla Yakob la dzi, woawo kple wo viwo kpakple wo viwo ƒe viwo ana edzi tegbee, eye nye dɔla Dawid anye amegã ɖe wò nu tegbee. 26 Mabia ŋutifafa ƒe nu kpli wo, nubabla mavɔ wòanye na wo, malé wo ɖe te, madzi wo ɖe dzi, eye mali nye kɔkɔeƒe la ɖe wo dome tegbee. 27 Nye nɔƒe anɔ wo dome, manye woƒe Mawu, eye woawo anye nye dukɔ. 28 Eye dukɔwo adze sii be, nye Yehowa ye ko Israel ŋu, ne nye kɔkɔeƒe la le wo dome tegbee. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana