Hezekiel 36 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Israel ɖeɖe. 1 Wò amevi, gblɔ nya ɖi ɖe Israel-towo ŋu gblɔ bena: Mi Israel-towo, mise Yehowa ƒe nya! 2 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi futɔ la le ehẽ dom ɖe mia ŋu be, blematowo zu yewo tɔ la, 3 eyata gblɔ nya ɖi gblɔ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi wogblẽ mi, eye wole tsyo dam ɖe mia ŋu le goawo katã me, ne miazu dukɔ susɔeawo tɔ, eye amewo le nu ƒom le mia ŋu hele aɖeɖi ƒom mi la, 4 eyata mi Israel-towo, mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nya! Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ ɖe towo kple togbɛwo, balimewo kple gbadzaƒewo, glikpo gbagbãwo kple du ƒuƒluwo, siwo zu nuhaha kple alɔmeɖenu na dukɔwo ƒe mamleawo godoo la ŋu enye si: 5 Aƒetɔ Yehowa be: Matsɔ nye ŋuʋaʋã ƒe dzobibi aƒo nu kple dukɔwo ƒe susɔea kpakple Edom blibo la, amesiwo tsɔ nye anyigba wɔ wo ɖokui tɔe, woƒe dzi le nu kom nyrenyrenyre, eye wole alɔme ɖem, le esi wotsɔe na wòzu nuhaha la ta. 6 Eyata gblɔ nya ɖi ɖe Israel-nyigba ŋu, eye nagblɔ ma towo kple togbɛwo, balimewo kple gbadzaƒewo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, meƒo nu le nye ŋuʋaʋã kple nye dziku me bena: Esi mietsɔ dukɔwo ƒe ŋukpedoame la, 7 eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mekɔ nye asi dzi heka atam be: Dukɔ, siwo ɖe to ɖe mi godoo la, atsɔ woawo ŋutɔ ƒe ŋukpe! 8 Ke mi Israel-towo, miɖe ama, eye mitse ku na nye dukɔ Israel, elabena woƒe gbɔgbɔɣi tu aƒe. 9 Elabena kpɔ ɖa, mele mia gbɔ, eye matrɔ ɖe mia ŋu, woade agble ɖe mia dzi, eye woaƒã nu ɖe mia dzi! 10 Mana Israel ƒe aƒe blibo la ƒe amewo nasɔ gbɔ ɖe mia dzi, amewo anɔ duwo me, eye woaɖo gli gbagbãwo. 11 Mana amegbetɔwo kple lãwo nasɔ gbɔ ɖe mia dzi, woakeke ta, eye wòadzi; mana ame nanɔ mia dzi abe tsã ene, eye mawɔ nyui na mi wu tsã, ne miadze sii be, nyee nye Yehowa. 12 Mana amegbetɔwo, nye dukɔ Israel, nazɔ mia dzi, woaxɔ wò, eye nazu woƒe domenyinu, eye magaɖe vi le wo ŋu azɔ o. 13 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi wole gbɔgblɔm na mi be, amelãɖula nenye, eye nèɖe vi le wò ŋutɔ wò dukɔ ŋu la, 14 eyata màgaɖu amelã azɔ o, eye magaɖe vi le wò dukɔ ŋu azɔ o, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe. 15 Nyemena nagase dukɔwo ƒe vlodoame azɔ o, màgatso dukɔwo ƒe ŋukpedoame azɔ o, eye màgaɖe vi le wò dukɔ ŋu azɔ o, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe. Dzi yeye ŋugbedodo. 16 Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena: 17 Amevi, esi Israel ƒe aƒe la nɔ woƒe anyigba dzi la, wotsɔ woƒe zɔzɔme kple woƒe nuwɔnawo do gui; woƒe zɔzɔ le ŋkunye me abe nyɔnu kpɔdzinu ƒe ʋu ene. 18 Eyata metrɔ nye dziku ƒo ɖe wo dzi le ʋu, si wokɔ ɖe anyigba dzi, kple woƒe legba, siwo wotsɔ gblẽ kɔ ɖo nɛ la ta. 19 Mekaka wo ɖe dukɔwo dome, eye mehlẽ wo ɖe anyigbawo dzi; woƒe zɔzɔme kple woƒe nuwɔnawo nue medrɔ̃ ʋɔnu wo ɖo. 20 Eye esi wova dukɔwo dome la, wodo gu nye ŋkɔ kɔkɔe la, le afisiafi, si woyi, ale be wole gbɔgblɔm le wo ŋu bena: „Yehowa ƒe dukɔe nye esia, eye eƒe anyigba dzi woɖu tso“ 21 Tete wòvem le nye ŋkɔ kɔkɔe, si Israel-viwo do gui le dukɔwo dome, afisi woyi la ta. 22 Eyata gblɔ na Israel ƒe aƒe la bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Israel ƒe aƒe, menye mia ta mele ewɔm ɖo o, ke boŋ nye ŋkɔ kɔkɔe, si mieɖo gui le dukɔwo dome, afisi míeyi la lae. 23 Eye makɔ nye ŋkɔ gã, si wodo gui le dukɔwo dome, esi miawo miedo gui le wo dome la ŋuti, eye dukɔwo adze sii bena, nyee nye Yehowa, ne mekɔ ɖokuinye ŋu le wo ŋku me ɖe mia ŋuti, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe. 24 Makplɔ mi atso dukɔwo dome, eye maƒo mia nu ƒu atso anyigbawo katã dzi ahakplɔ mi ava miaƒe anyigba dzii. 25 Mahlẽ tsi dzadzɛ ɖe mia ŋu, ne miaƒe nu makɔmakɔwo katã naɖi le mia ŋu, eye maklɔ miaƒe legbawo katã da le mia ŋu. 26 Mana dzi yeye mi, eye maɖe gbɔgbɔ yeye mia me, maɖe kpedzi la le miaƒe dɔ me, eye mana lãkusidzi mi. 27 Maɖe nye gbɔgbɔ mia me, eye mana be, miazɔ ɖe nye ɖoɖowo kple nye sewo nu, ne mialé wo me ɖe asi ahawɔ wo dzi. 28 Eye mianɔ anyigba, si metsɔ na mia fofowo la dzi, mianye dukɔ nam, eye manye mia Mawu. 29 Maɖe mi atso miaƒe nu makɔmakɔwo katã me; mayɔ bli vɛ, mana wòasɔ gbɔ, eye nyemahe dɔwuame ava mia dzi o. 30 Mana atikutsetsewo kple agble me nukuwo nasɔ gbɔ, ne miagahe dukɔwo ƒe vlodoame ava mia ɖokui dzi le dɔwuame ta azɔ oa 31 Miaɖo ŋu miaƒe zɔzɔme vɔ̃ɖiawo kple miaƒe nuwɔna manyomanyoawo, eye miava ŋu nya ge na mia ŋutɔwo mia ɖokui le miaƒe vodadawo kple miaƒe ŋunyɔnuwo ta. 32 Aƒetɔ Yehowa be: Menye mia tae mele ewɔm ɖo o, minyae loo! Israel ƒe aƒe, ŋu nekpe mi, eye miaƒe mo netsi dã le miaƒe zɔzɔme ta! Anyigba nyui la ŋugbedodo. 33 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Gbesigbe makɔ mia ŋu tso miaƒe vodadawo katã me la, mana ame nanɔ duawo me, eye woagaɖo gli gbagbãwo. 34 Woade anyigba, si nye gbegbe la, ɖe esi wònye gbegbe le amesiwo katã va tsoa eme yina ŋku me la teƒe; 35 eye woagblɔ bena: „Anyigba, si nye gbegbe tsã la, zu abe Eden-bɔ ene, ame le ɖu, siwo nye aƒedo kple gbegbe, eye wogbã wo ƒu anyi tsã la me, eye wozu du sesẽwo.“ 36 Eye dukɔ mamlea, siwo ƒo xlã mi godoo la, adze sii bena, nye Yehowa ye tso du, siwo wogbã ƒu anyi, eye mede anyigba, si nye gbegbe la; nye Yehowa ye ƒo nu, eye mawo edzi hã. 37 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mana Israel ƒe aƒe la naɖe kuku nam ɖe esia hã ta, eye mawɔe na wo: Mana woƒe amewo nasɔ gbɔ abe alẽwo ene. 38 Alesi ale, siwo ŋu wokɔ, kple alesi alẽ nɔa Yerusalem le ŋkekenyuieɖuɣii la, nenema amehawo ayɔ du ɖi aƒedo la mee, eye wòadze sii be, nyee nye Yehowa. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana