Hezekiel 35 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Nyagblɔɖi le Edom ŋuti. 1 Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena: 2 Amevi, trɔ mo de Seir-to la, eye nagblɔ nya ɖi ɖe eŋu 3 gblɔ nɛ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Seir-to, mele ƒoƒo ge ɖe dziwò, mado nye asi ɖa ɖe ŋuwo, eye matsɔ wò awɔ gbegbe kple aƒedoe. 4 Mado aƒe do wò duwo, eye wò ŋutɔ azu gbegbe, ne nadze sii be, nyee nye Yehowa. 5 Esi nèlé fu ame ɖikaɖika, eye nètsɔ Israel-viwo de asi na yi ie dzɔgbevɔ̃eɣi kple vodadawo ƒe nuwuwu la, 6 eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Meta ɖokuinye ƒe agbe: Ne nyematsɔ wò awɔ ʋui, eye ʋu nati yowòme o fi! Ʋuhlɔ̃e nèdo, eyata ʋu ati yowòme! 7 Matsɔ Seir-to la awɔ aƒedo kple gbegbee, eye matsrɔ̃ amesiwo vana kple amesiwo dzona la ɖa le edzi. 8 Matsɔ wò ame tsiaʋawo ayɔ wò towo dzii, eye amesiwo woda yii la, atsi wò togbɛwo dzi, wò baliwo me kple wò gbadzaƒewo katã. 9 Matsɔ wò awɔ gbegbee ɖikaa, eye wò duwo atsi anyi aƒedoe, ne miadze sii be, nyee nye Yehowa. 10 Esi nèle gbɔgblɔm be, dukɔ eve mawo kple anyigba eve mawo anye ye tɔ, eye yewoe axɔe wòanye yewo tɔ, evɔ wònye Yehowa nɔ afima kpɔ hafi la, 11 eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Metà ɖokuinye ƒe agbe: Mawɔ nu kpli wò ɖe wò dɔmedzoe kple wò ŋuʋaʋã nu, abe alesi nele fu wo wɔ ene, eye maɖe ɖokuinye afia le wo dome, ne medrɔ̃ ʋɔnu wò. 12 Eye nadze sii be, nye Yehowa mese wò ɖiŋudonya, siwo katã negblɔ ɖe Israel ƒe towo ŋu bena: „Wòzu gbegbe, miawoe wotsɔe na, be miaɖu.“ 13 Mietsɔ miaƒe nuwo ƒo adegbe ɖe ŋunye, eye miedudu nya ƒo ɖi bababa ɖe ŋunye mese. 14 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Matsɔ wò awɔ gbegbee, ne dzi nadzo anyigba blibo la. 15 Alesi nekpɔ dzidzɔ ɖe Israel ƒe aƒe la ƒe anyigba ŋu be, ezu gbegbe la, nenema ke mawo wòe; Seir-to kple Edom blibo la azu gbegbe, ne wòadze sii be, nyee nye Yehowa. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana