Hezekiel 34 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Nyagblɔɖi le kplɔla maɖianukwareawo ŋuti. 1 Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena: 2 Amevi, gblɔ nya ɖi ɖe Israel ƒe lãkplɔviwo ŋu, lãkplɔviawo ŋue nagblɔ nya ɖo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Baba na Israel ƒe lãkplɔviwo, amesi nyi woawo ŋutɔ ɖokui; ɖe menye lãhawoe lãkplɔviwo nanyi oa? 3 Mieno notsi, mietsɔ lãfu wɔ avɔe ta, eye miewu lã damiwo, ke mienyi alẽawo o. 4 Miedo ŋusẽ lã kudɔewo o, eye mieyɔ do esiwo ƒe lãme gblẽ o, miebla abi na esiwo ŋe ata o, miegbugbɔ esiwo ka hlẽ la gbɔe o, eye miedi esiwo bu la o, ke boŋ mieɖu amegã ɖe wo dzi kple sesẽ, eye miesẽ ŋuta le wo ŋu. 5 Woka hlẽ, elabena kplɔla mele wo nu o, wòzu nuɖuɖu na gbemelãwo katã, eye woka hlẽ. 6 Nye alẽwo le tsa glãla tsam le towo katã kple togbɛ kɔkɔwo katã dzi, eye nye alẽwo ka hlẽ ɖe anyigba blibo la dzi; amea ɖeke meli abla wo ta ase alo adi wo o. 7 Eyata mi lãkplɔviwo, mise Yehowa ƒe nya! 8 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Metà ɖokuinye ƒe agbe: Esi nye alẽwo zu nuhaha, eye nye alẽwo zu nuɖuɖu na gbemelãwo katã, elabena kplɔlaa ɖeke meli o, eye nye lãkplɔviwo mebiaa nye alẽwo ta sena o, lãkplɔviawo nyi woawo ŋutɔ ɖokui, eye wogbe nye alẽwo nyinyi la, 9 eyata mi lãkplɔviwo, mise Yehowa ƒe nya! 10 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, maƒo ɖe lãkplɔviawo dzi, eye mabia nye alẽwo tso wo si me, mana be, womagakpɔ nye alẽwo dzi azɔ o, eye lãkplɔviawo maganyi woawo ŋutɔ ɖokui azɔ o, maɖe nye alẽwo le ve me na wo, be womaganye nuɖuɖu na wo azɔ o. Aƒetɔ la ŋutɔ akpɔ eƒe alẽha la dzi. 11 Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, meli maɖi nye alẽwo, eye malé ŋku ɖe wo ŋu. 12 Alesi lãkplɔvi ɖea ŋku ɖe eƒe lãhawo le gbesigbe wòle eƒe alé, siwo ka hlẽ dome la, nenema maɖe ŋku ɖe nye alẽwo, eye maɖi wo aƒo ƒu tso teƒe, siwo katã woka hlẽ ɖo le blukɔ kple tsizidogbe la. 13 Makplɔ wo tso dukɔwo dome, eye maƒo wo nu ƒu tso anyigbawo dzi, makplɔ wo ava woƒe anyigba dzi, eye manyi wo le Israel ƒe towo dzi kple bali wo me kpakple anyigba la ƒe amenɔƒewo katã. 14 Manyi wo le lãnyiƒe nyuiwo, eye woƒe gbeɖuƒe anɔ Israel ƒe to kɔkɔwo ta me; afima woatsyɔ akɔ ɖo le gbeɖuƒe nyuiwo, eye lãnyiƒe damawo anɔ wo si le Israel-towo dzi. 15 Nye ŋutɔ manyi nye alẽwo, eye mana woatsyɔ akɔ anyi ɖi, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe. 16 Madi esiwo bu, eye makplɔ tsiwo ka hlẽ la agbɔe, mabia abi na esiwo ŋe ala, eye maɖo ŋusẽ esiwo ƒe lãme gblẽ, makpɔ esiwo da ami, kple esiwo ƒe lãme sẽ la ta, eye manyi wo, abe alesi dze ene. 17 Mi, nye lãhawo, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, madrɔ̃ ʋɔnu le alẽ kple alẽ dome, le agbo kple gbɔ̃tsu dome. 18 Esi miele gbe ɖum le lãnyiƒe nyui la, nu tsɛ ko wònye na mi, hafi mienyã avuzi le miaƒe gbe mamlea dzia? Eye esi miele tsi zɔzrɔ̃e nom la, nu tsɛ ko wònye na nu, hafi mietsɔ afɔ blu mamlea, 19 ne nye alẽwo naɖu nusi dzi mienyã avuzi le, eye woano nusi mieblu kple afɔa? 20 Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, meli, eye madrɔ̃ ʋɔnu le alẽ dami kple alẽ ɖiku dome. 21 Esi mietsɔ axadame kple abɔgba mimi lã kudɔeawo katã ɖo, eye mietu dzo wo, vaseɖe esime mienyã wo do goe la, 22 eyata maxɔ na nye alẽwo, eye womaganye nuhaha azɔ o, eye madrɔ̃ ʋɔnu le alẽ kple alẽ dome. Kplɔla, si ado go tso Dawid ƒe me ŋugbedodo. 23 Maɖo kplɔla ɖeka kolia, si nye nye dɔla Dawid la, wo nu, ne wòanyi wo; eya anyi wo, eye wòanye kplɔla ha wo. 24 Nye Yehowa manye Mawu na wo, eye nye dɔla Dawid anye amegã le wo dome; nye Yehowa ye gblɔe. 25 Mabia ŋutifafa ƒe nu kpli wo, eye matsrɔ̃ lã vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, ne woanɔ gbegbe aɖe dzi ɖi, eye woatsi avewo me adɔ. 26 Mayra woawo kple nye togbɛ ƒe nutowo me, eye mana tsi nadza ɖe edzaɣi, yayra ƒe tsi wòanye. 27 Gbemeti atse ku, anyigba awu nu, eye woano woƒe anyigba dzi aɖe dzi ɖi, ne wòadze sii be, nyee nye Yehowa, ne meŋe woƒe kɔkuti, eye meɖe wo tso amesiwo wonye kluvi na la si me. 28 Womaganye nuhaha na dukɔwo azɔ o, gbemelã magaɖu wo o, eye woanɔ anyi aɖe dzi ɖi, amea ɖeke maɖo voɖi na wo o. 29 Ma na nudodo namie na wo ade ŋkɔ wo ŋu, ne dɔwuame magatsrɔ̃ wo ɖa le anyigba dzi azɔ o, eye dukɔwo magado ŋukpe wo azɔ o. 30 Eye wòadze sii be, nye Yehowa, woƒe Mawu la, meli kpli wo, eye woawo, Israel ƒe aƒe la, wonye nye dukɔ, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe! 31 Ke miawoe nye nye alẽwo, mi amegbetɔwoe nye nye lãnyiƒe ƒe alẽwo la, eye nyee nye mia Mawu; Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana