Hezekiel 33 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Le nyagblɔlawo ƒe dɔ ŋuti. 1 Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena: 2 Amevi, ƒo nu kple mia deviwo nagblɔ na wo bena: Ne mena yi va anyigbaa ɖe dzi, eye anyigba dzi tɔwo ɖe ame tso wo ɖokui dome tsɔ ɖo gbetakpɔlae, 3 ekpɔ yi gbɔna ɖe anyigba la ŋu, eye woku kpẽ xlã nu dukɔ la, 4 eye amea ɖe se kpẽa ƒe ɖiɖi, ke mena woxlɔ̃ nui o, eye yi la va ɖee ɖa la, ame ma ƒe ʋu anɔ eya ŋutɔ ƒe ta dzi. 5 Ne ese kpẽa ƒe didi, eye mena woxlɔ̃ nui o la, eƒe ʋu anɔ eya ŋutɔ dzi; ke ne ame ma na woxlɔ̃ nui la, ade eƒe agbe. 6 Ne gbetakpɔla kpɔ yi gbɔna, ke meku kpẽ o, eye mexlɔ̃ nu dukɔ la o, eye yi va heɖe ame ɖeka ɖa le wo dome la, ame ma ƒe vodada tae woɖee ɖa ɖo, ke mabia eƒe ʋu tso gbetakpɔla la si me. 7 Amevi, wòe metsɔ ɖo gbetakpɔla na Israel ƒe aƒe la be, ne èse nyaa ɖe tso nunye me la, naxlɔ̃ nu wo nam. 8 Ne megblɔ na ame vɔ̃ɖi be: „Ame vɔ̃ɖi, èle kuku ge,“ ke meƒo nu hexlɔ̃ nu ame vɔ̃ɖi la le eƒe zɔzɔme ŋuti o la, ekema ame vɔ̃ɖi la aku le eƒe vodada ta, ke mabia eƒe ʋu tso asiwò me. 9 Ke ne èxlɔ̃ nu ame vɔ̃ɖi la le eƒe zɔzɔme ŋuti, be wòaɖe asi le eŋu, eye wogbe asiɖeɖe le eƒe zɔzɔme ŋu la, ekema aku le eƒe vodada ta, ke wò la èɖe wò agbe. Mawu ƒe dɔmenyo kple dzɔdzɔenyenye. 10 Amevi, gblɔ na Israel ƒe aƒe la bena: Aleke miele gbɔgblɔm be: „Míaƒe dzidadawo kple míaƒe nuvɔ̃wo do agba ɖe mía dzi, eye wona mia nu le yiyim, ɖe míano agbea?“ 11 Gblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Metà ɖokuinye ƒe agbe be: Ame vɔ̃ɖi ƒe ku mevivia nunye o, negbe be, ame vɔ̃ɖi naɖe asi le eƒe zɔzɔme ŋu, ne wòanɔ agbe boŋ ye. Israel ƒe aƒe, miɖe asi le miaƒe zɔzɔme vɔ̃ɖiwo ŋu, miɖe asi le wo ŋu, nukaŋuti miehe, yewoaku ɖo? 12 Amevi, gblɔ na mia ɖeviwo bena: Ame dzɔdzɔe ƒe dzɔdzɔenyenye maɖee le gbesigbe wòda ƒu o, eye ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ɖi wowu mana wòadze anyi le gbesigbe wòɖe asi le eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu o; eye ame dzɔdzɔe mate ŋu atsi agbe le gbesigbe wòwɔ nuvɔ̃ o. 13 Ne megblɔ na ame dzɔdzɔe be, anɔ agbe kokoko, gake wòɖe asi dziɖoɖo me ɖe eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu, eye wòwɔ nu vɔ̃ɖi la, ekema womagaɖo ŋu eƒe dzɔdzɔenyenyewo katã o, ke boŋ eƒe nu vɔ̃ɖi, si wòwɔ la, eyae ana wòaku. 14 Ne megblɔ na ame vɔ̃ɖi be, aku kokoko, gake wòɖe asi le eƒe nuvɔ̃ ŋu, eye wòwɔ nu dzɔdzɔe kple nusi le eteƒe, 15 ame vɔ̃ɖi la gbugbɔ awɔbanu na, eɖo nusi wòda adzoe la teƒe, eye wòzɔ ɖe ɖoɖo agbetɔwo nu, be megawɔ nu vɔ̃ɖi azɔ o la, ekema ano agbe kokoko, maku o. 16 Womagaɖo ŋu eƒe nuvɔ̃, siwo katã wòwɔ la nɛ o; nu dzodzoe kple nusi le eteƒe lae wòwɔ, eyata anɔ agbe kokoko! 17 Ke mia ɖeviwo le gbɔgblɔm be: Aƒetɔ la ƒe nuwɔna mele eteƒe o; evɔ wònye woawo ŋutɔ ƒe nuwɔnae mele eteƒe o hafi. 18 Ne ame dzɔdzɔe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu hewɔ nu vɔ̃ɖi la, esia tae wòaku ɖo. 19 Eye ne ame vɔ̃ɖi ɖe asi le eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu hewɔ nu dzɔdzɔe kple nusi le eteƒe la, esia tae wòana agbe ɖo. 20 Eye ne miele gbɔgblɔm be: Aƒetɔ la ƒe nuwɔna mele eteƒe o hã la, Israel ƒe aƒe, madrɔ̃ ʋɔnu mi ɖe amesiame ƒe zɔzɔme nu! Nyawo le Yerusalem ƒe gbegblẽ ŋuti. 21 Le aboyoɖeɖe mi ƒe ƒe wuiɖekɛlia me, le dzinu ewolia ƒe ŋkeke atɔ̃lia dzi la amea ɖe si tso Yerusalem va gbɔnye gblɔ bena: „Wosi du la!“ 22 Eye Yehowa ƒe asi va dzinye le fiẽ, hafi ame sisi la nava, eye wòʋu nu nam, hafi wòva le ŋdi; ale nye nu ʋu, eye nyemegazi kpi azɔ o. 23 Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena: 24 Amevi, glikpo dzi vi, siwo le Israel-nyigba dzi la, le gbɔgblɔm be: Abraham la eya ɖeka koliae nɔ anyi, ke exɔ anyigba la wònye etɔ, miawo la míesɔ gbɔ, míawoe wotsɔ anyigba la na, be wòanye mia ta. 25 Eyata gblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Miele lã kple ʋu ɖum, mieto mo te ɖe miaƒe legbawo ŋu, eye miele ʋu kɔm ɖi tso, hafi miehe, anyigba la nanye yewo taa? 26 Miele dzi ɖom ɖe miaƒe yiwo ŋu, miewɔ ŋunyɔnu, eye amesiame gblẽ kɔ ɖo na ehavi srɔ̃ tso, hafi miebe, anyigba la nanye yewo tɔa? 27 Eyata gblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Meta ɖokuinye ƒe agbe: Amesiwo le glikpo dzi la, atsi yi nu, matsɔ amesiwo le gbe me la, ana gbemelãwo woaɖu, eye amesiwo le mɔ̃ sesẽwo kple agatowo me la, aku ɖe dɔvɔ̃ si me. 28 Mana anyigba la nazu aƒedo kple gbegbe, matsi eƒe ŋusẽ, si ŋu wòle adegbe ƒom ɖo la nu, eye Israel-towo atsi ƒeƒle, ale be amea ɖeke magato wo dzi ayi o. 29 Eye woadze sii bena, nyee nye Yehowa, ne mena anyigba la zu aƒedo kple gbegbe le woƒe ŋunyɔnu, siwo katã wowɔ la ta. Tohehe nyagblɔɖi yeye. 30 Amevi, mia ɖeviwo le nu ƒom le ŋuwò le gliwo ŋu kple xɔwo ƒe ʋɔtruwo nu, eye wole gbɔgblɔm le wo nɔewo dome bena: Miva, ne míase gbe, si tso Yehowa gbɔ! 31 Woava akpe ta ɖe gbɔwò, eye woabɔbɔ nɔ ŋkuwò me abe nye dukɔ ene ahase wò nyawo, ke womawɔ wo dzi o, hafi boŋ anɔ ŋɔnɔe le nu me na wo, eye woƒe dzi adze viɖe yome. 32 Kpɔ ɖa, èle na wo abe ha vivi kple amesi gbe vivi li na, eye wònya kasaŋku ƒoƒo la ene, wòase wò nyawo, ke womawɔ wo dzi o. 33 Kpɔ ɖa, ele eme va ge, ne eva me la, wòadze sii be, nyagblɔɖilaa ɖe nɔ yewo dome kpɔ. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana