Hezekiel 32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Egiptetɔwo hã wòayi aʋli me abe dukɔ bubuawo ene. 1 Le ƒe wuievelia me, le dzinu wuievelia fe ŋkeke gbãtɔ dzi la Yehowa ƒe gbe va nam bena: 2 Amevi, to konyifaha ɖe Egipte-fia Farao ŋu nagblɔ nɛ bena: Wò amesi nye dzata le dukɔwo dome la, nuwò yi! Lo nènye nɔ tɔ me, ètu tsi to ŋɔti me, ètsɔ wò afɔ blu tɔe, eye nènyã avuzi le tɔsisi me. 3 Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mana dukɔ, siwo kpe ta, nada ɖɔ na wò, eye woatsɔ nye ɖɔ ahe wò ɖe go. 4 Matsɔ wò axlã ɖe anyi, matsɔ wò aƒu gbe ɖe dogba dzi, eye mana dziƒoxewo katã nadze ɖe dziwò, eye anyigba blibo la dzi lãwo naɖu wò aɖi ƒo. 5 Matsɔ wò lã ada ɖe towo dzi, eye matsɔ wò kukua ayɔ baliwo me fũ. 6 Mana anyigba, si dzi wò tsi gbagba ɖo la, nanɔ wò ʋu vaseɖe towo gbɔ ke, eye nayɔ baliwo me taŋ. 7 Ne mena nuwò yi la, matsyɔ nu na dziŋgɔli, eye eƒe ɣletiviwo ata ahovɔ; alilikpo atsyɔ ɣe dzi, eye dzinu magaɖi o. 8 Mata ahovɔ na dziƒo ƒe nu keklẽwo katã le tawò, eye mana blukɔ nado ɖe wò anyigba dzi, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe. 9 Mado nuxaxa na dukɔ geɖewo ƒe dzi, ne mehe wò anyidzedze yi dukɔwo dome le anyigba, siwo menya o la dzi. 10 Mana dzidzi naƒo dukɔ geɖewo le tawo, eye woƒe fiawo ƒe lãme able fu le tawò, ne menyẽ nye yi le wo ŋku me, eye wo dome amesiame anɔ dzodzom nyanyanya ɣeawokatãɣi le woƒe agbe ta le wò anyidzegbe. 11 Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Babel-fia ƒe yi aƒo ɖe dziwò. 12 Matsɔ kalẽtɔwo ƒe yi adza wò ame gbogboawo, amesiwo katã nye dukɔ sẽŋutawo; woagblẽ Egipte ƒe atsyɔ̃ dome, eye woatsrɔ̃ eƒe ame gbogboawo katã. 13 Matsrɔ̃ eƒe lãwo katã ɖa le tɔ gãwo to, amegbetɔ ƒe afɔ magablu wo azɔ o, eye lãwo ƒe afɔ magablu wo azɔ o. 14 Emegbe mana eƒe tsiwo nadze anyi, eye eƒe tɔsisiwo nasi abe ami ene, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe, 15 ne medo gbegbe Egipte-nyigba, miegblẽ nusi wo katã le anyigba dzi, eye mewu ame; siwo katã le edzi, ne wòadze sii be, nyee nye Yehowa. 16 Konyifahae nye esia woadzii; dukɔwo ƒe nyɔnuviwo nedzi konyifaha sia; wòadzi konyifaha sia ɖe Egipte kple eƒe ame gbogboawo katã ŋu, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe. 17 Le ƒe wuievelia me le dzinu la ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi la Yehowa ƒe gbe va nam bena: 18 Amevi, fa na Egipte ƒe ame gbogboawo, eye mia kple dukɔwo ƒe ŋusẽtɔwo ƒe nyɔnuviwo mido wo de tsieƒe ɖe amesiwo yi aʋli me la gbɔ! 19 Ameka nènyo sɔ kplii? Yi naɖamlɔ bolotɔwo gbɔ! 20 Woatsi amesiwo woda yii la dome. Wotso yi la ɖe asi; mikplɔ eyama kple eƒe ame gbogboawo katã yii! 21 Kalẽtɔwo ƒe ame sesẽwo kple woƒe dzoɖuxɔlɔ̃wo agblɔ le tsieƒe ɖe wo ŋu be: Bolotɔwo, amesiwo woda yii la, va be, woamlɔ afi. 22 Asur kple eƒe amehawo katã le afima, woƒe yɔdowo ɖe to ɖee, ame tsiaʋawo soŋ wonye, eye wotsi yi nu. 23 Woɖe yɔdo nɛ ɖe aʋli me ƒe dzogoe dzi ke, eye eƒe amehawo ɖe to ɖe eƒe yɔdo; ame tsiaʋawo sɔŋ wonye, eye wotsi yi nu, woawo nye amesiwo de ŋɔdzi agbagbeawo ƒe anyigba dzi. 24 Elam le afima, eye eƒe amehawo katã ɖe to ɖe eƒe yɔdo, ame tsiaʋawo sɔŋ wonye, eye wotsi yi nu, wonye bolotɔwo yi tsieƒe, woawoe de ŋɔdzi agbagbeawo ƒe anyigba dzi; azɔ ŋu akpe wo akpe de aʋli me yilawo ŋu. 25 Wotsɔ eya kple eƒe amehawo katã mlɔ ame tsiaʋawo dome, woƒe yɔdowo de to ɖee, bolotɔwo sɔŋ wonye, eye woda yi wo, elabena wode ŋɔdzi agbagbeawo ƒe anyigba dzi; azɔ ŋu akpe wo akpe ɖe aʋli me yilawo ŋu; ame tsiaʋawo dome wotsɔ wo mlɔe. 26 Mesex kple Tubal kpakple woƒe amehawo katã le afima, eye woƒe yɔdowo ɖe to ɖe wo, bolotɔwo sɔŋ wonye, eye woda yi wo, elabena wode ŋɔdzi agbagbeawo ƒe anyigba dzi. 27 Womemlɔ kalẽtɔ, siwo tsi aʋa gbadegbe ke, amesiwo tsɔ woƒe aʋawɔnuwo yi tsieƒe, wotsɔ woƒe yi ziɔ tae, eye woƒe vodadawo lé de woƒe ƒuwo ŋu la gbɔ o, evɔ wònye kalẽtɔawo de ŋɔdzi agbagbeawo ƒe anyigba dzi hafi. 28 Woagbã wò hã nyanyanya le bolotɔwo dome, eye àmlɔ amesiwo woda yii la gbɔ. 29 Edom kple eƒe fiawo kpakple eƒe amegãwo katã le afima, wotsɔ wo mlɔ amesiwo woda yii la gbɔ, evɔ wònye ŋusẽ le wo ŋu hafi; womlɔ bolotɔwo kple aʋli me yilawo gbɔ. 30 Anyiehe amegãwo katã kple Zidonitɔwo katã le afima, woyi ame tsiaʋawo gbɔ, eye ŋukpe lé wo, evɔ wònye woƒe ŋusẽ dzi ŋɔ hafi; azɔ wonye bolotɔwo mlɔ amesiwo woda yii la gbɔ, eye ŋu akpe wo akpe de aʋli me yilawo ŋu. 31 Farao akpɔ amesiawo, eye wòafa akɔ na eɖokui le eƒe ame gbogboawo katã ta; amesiwo woda yii enye Farao kple eƒe aʋakɔ blibo la, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe. 32 Mena wòde ŋɔdzi agbagbeawo ƒe anyigba dzi; ke Farao kple eƒe ame gbogboawo katã woamlɔ bolotɔwo dome le amesiwo woda yii la gbɔ, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana