Hezekiel 31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Asiria hã agble be Egipte ene. 1 Le ƒe wuiɖekɛlia me, le dzinu etɔ̃lia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la Yehowa ƒe gbe va nam bena: 2 Amevi, gblɔ na Egipte-fia Farao kple eƒe ame gbogboawo bena: Amekae nẽsɔ kplii le wò gãnyenye me? 3 Sederti nɔ Libanon ta me, eƒe alɔwo nyo, eye wòdo kpekpekpe, ekɔ, eye eƒe ɖɔmee ɖatɔ alilikpowo. 4 Tsiwo na wòtsi, eye agu me tsiwo na wòkɔ, woƒe tɔsisiwo si ƒo xlã ati dodo la, eye woɖe tɔʋuwo ɖo ɖe gbemetiwo katã. 5 Eyata wòkɔ wu gbemetiwo katã, eƒe alɔwo sɔ gbɔ, eye wodidi, elabena ekpɔ tsi geɖe, ne wòavu eɖokui. 6 Dziƒoxewo katã wɔ atɔ ɖe eƒe alɔwo me, gbemelãwo katã dzi vi ɖe eƒe alɔwo te, eye dukɔ geɖewo le eƒe vɔvɔli te. 7 Eƒe lolome nyo, eye eƒe alɔwo didi, elabena eƒe kewo le tsi geɖewo ŋu. 8 Sedertiwo medo vɔvɔli ɖe edzi le Mawu ƒe abɔ me o; sesewu mede eƒe alɔwo nu o, eye xetiwo meɖe alɔ abe eya ene o; ati, siwo katã le Mawu ƒe abɔ me la, menyo de enu o. 9 Mewɔe wònyo le eƒe alɔ gbogboawo la, ale be Eden-ti, siwo katã le Mawu ƒe abɔ me la, le ŋu ʋãmi. 10 Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi wòkɔ alea, eƒe ɖɔmee ɖatɔ alilikpowo, eye wòle dadam le eƒe kɔkɔ ta la, 11 eyata màtsɔe ade asi na dukɔwo ƒe ŋusẽtɔ, eye wòawɔ nu kplii; le eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ta la manyãe ɖa. 12 Du bubu me tɔ, siwo nye dukɔ sẽŋutawo la, lae, eye wotsɔe ƒu anyi; eƒe alɔwo dze towo dzi kple baliwo katã me, eye eƒe alɔwo fli ɖe anyigba ƒe gbadza ƒe wo katã; anyigba dzi dukɔwo katã dzo le eƒe vɔvɔli te hegblẽe ɖi. 13 Dziƒoxewo katã dze ɖe eƒe zekpẽ, si wolã la dzi, eye gbemelãwo katã mlɔ eƒe alɔwo dzi; 14 ne ati, siwo katã le tɔ to, magaƒo adegbe le woƒe koko ta, woƒe ɖɔmee magato alilikpo, eye woƒe ŋusẽtɔ, siwo katã nye tsinolawo la, magaɖo dzi ɖe wo ɖokui ŋu le woƒe gãnyenye me o! Elabena kuviwo wo katã wonye, eye wòayi tsieƒe abe amegbetɔvi, siwo yi aʋli me la ene. 15 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Gbesigbe wòyi tsieƒe la, mena agu me tsiwo xa nu le eta, wogbugbɔ woƒe tɔsisiwo ɖe megbe, be woƒe tsiwo nu tso; Libanon ta ahovɔ le eta, eye gbemetiwo katã yrɔ le eta. 16 Eƒe anyidzedze ƒe ɖiɖi na dukɔwo dzo nyanyanya esi mena wòyi tsieƒe kpe ɖe aʋli me yilawo ŋu; eye Eden-tiwo katã, Libanon ƒe ati tiatia nyuitɔwo, siwo katã nye tsinolawo, fa akɔ na wo ɖokui le tsieƒe. 17 Woawo hã yi amesiwo woda yii la gbɔ le tsieƒe, amesiwo nye eƒe alɔ nɔ eƒe vɔvɔli te le dukɔwo dome. 18 Azɔ Eden-tiwo dometɔ ka nèsɔ kpli le atsyɔ̃ kple lolo gome? Ke woatsɔ wò aƒu tsieƒe akpe ɖe Eden-tiwo ŋu; bolotɔwo dome namlɔ le amesiwo woda yii la gbɔ. Farao kple eƒe ame gbogboawo katã nye esia, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana