Hezekiel 3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mawu tsɔ agbalẽ na nyagblɔɖila la, bena woaɖu. 1 Eye wògblɔ nam bena: Amevi, ɖu nusi kpam nèle la! Ɖu agbalẽ sia, eye yi naɖaƒo nu kple Israel ƒe aƒe la. 2 Tete meke nu, eye wotso agbalẽ la nam, be maɖu, 3 hegblɔ nam bena: Amevi, tso agbalẽ, si metsɔ na wò la, ɖi ƒoe, eye natsɔe ayɔ wò dɔgboe! Eye meɖui, wòviví le nu me nam abe anyitsi ene. 4 Tete wògblɔ nam bena: Amevi, yi Israel ƒe aƒe la gbɔ nagblɔ nye nyawo na wo. 5 Elabena menye dukɔ fiafialawo kple kɔkɔlawo gbɔ wole dɔwòm ɖo o, ke boŋ Israel ƒe aƒe la gbɔe; 6 eye menye dukɔ geɖe, siwo nye fiafialawo kple kɔkɔlawo, amesiwo ƒe gbe mèsena o la gbɔe mele dɔwòm ɖo o; eye ɖe wònye woawo gbɔe medɔ wò ɖo la, anye ne woaɖo to wò. 7 Ke Israel ƒe aƒe la mele to ɖo ge wò o, le esi wogbe toɖoɖom ta; elabena ŋgonu kplala kple dzi kuatri li na Israel ƒe aƒe blibo la. 8 Kpɔ ɖa, mana wò ŋku me nasẽ abe woƒe ŋku me ene, eye wò ŋgonu nanɔ kplala abe woƒe ŋgonu ene! 9 Mawɔ wò ŋku me wòase abe lotamekpe ene, eye wòalia wu ahliha; megavɔ̃ wo o, eye womegatso dzika ƒo na wò o, elabena ƒome sẽto wonye. 10 Eye wògblɔ nam bena: Amevi, lé nya, siwo katã gblɔ ge mala na wò la, ɖe wò dzi me, eye nase wo kple wò to. 11 Yi aboyome, siwo nye mia ɖeviwo la gbɔ, eye naƒo nu kpli wo agblɔ na wo bena: „Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi“; wosee o, womeɖasee o! Gbɔgbɔ la ko Xezekiel dzoe. 12 Tete gbɔgbɔ la kɔnu eye mese hoowɔwɔ abe anyigbaʋuʋu gãa ɖe ene le megbenye, esime Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ho le eteƒe, 13 kple nu gbagbeawo ƒe aʋala, siwo le wo nɔewo kam ƒe ɖiɖi hekpe ɖe tasiaɖamfɔawo ƒe ɖiɖi kpakple anyigbaʋuʋu gãa ɖe ŋu. 14 Tete gbɔgbɔ la kɔm dzoe, eye melé nye mɔ tsɔ, dzi kum vevie, eye Yehowa ƒe asi nu sẽ ɖe dzinye. 15 Eye meva Tel-Abib le aboyome, siwo le Kebar-tɔsisi nu la gbɔ, eye menɔ wo dome le afima ŋkeke adre nu maƒomaƒoe. Woɖo Xezekiel Israel ƒe aƒe ŋudzɔlae. 16 Eye le ŋkeke adre megbe la Yehowa ƒe gbe va nam bena: 17 Amevi, metsɔ wò ɖo dzɔla na Israel ƒe aƒe la be, ne èse nyaa ɖe tso nunye me la, naxlɔ̃ nu wo nam. 18 Ne megblɔ na ame vɔ̃ɖi be: „Ele kuku ge,“ eye mexlɔ̃ nui heƒo nu kplii be, ame vɔ̃ɖi la nakpɔ eɖokui dzi ɖe eƒe mo vɔ̃ɖiwo ŋu, ne woatsi agbe o la, ekema ame vɔ̃ɖi la aku le eƒe vodadawo ta; ke asiwò me mabia eƒe ʋu le. 19 Ke ne èxlɔ̃ nu ame vɔ̃ɖi, la, eye wogbe asiɖeɖe le eƒe vɔ̃ɖinyenye kple eƒe mɔ vɔwo ŋu la, ekema aku le eƒe vodadawo ta; ke wò la eɖe wò agbe. 20 Ne ame dzɔdzɔe ɖe asi le eƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ŋu hewɔ nu vɔ̃ɖi la, ekema maɖo nu nɛ, wòakli aku. Elabena esi mèxlɔ̃ nui o la, eyata woku le eƒe nuvɔ̃wo ta ɖo, eye womagaɖo ŋu eƒe nu dzɔdzɔe, siwo wòwɔ la o; ke asiwò me mabia eƒe ʋu le. 21 Ke ne èxlɔ̃ nu ame dzɔdzɔe la be, megawɔ nuvɔ̃ o, eye ame dzɔdzɔe la mewo nuvɔ̃ o, ke boŋ wòna woxlɔ̃ nui la, ekema atsi agbe; eye wò la eɖe wò agbe. Nyagblɔɖila la gakpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe. 22 Eye Yehowa ƒe asi va dzinye le afima wògblɔ nam bena: Tso nayi bali la me, ne maƒo nu kpli wò le afima! 23 Tete metso heyi bali la me, eye kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe le tsitre ɖe afima abe ŋutikɔkɔe, si mekpɔ le Kebar-tɔsisi la nu ene, eye metsyɔ mo anyi. 24 Eye gbagba la ɖo menye hefɔm ɖe te ɖe nye afɔwo dzi, eye wòƒo nu kplim gblɔ nam bena: Yi naɖatu ʋɔ ɖe ɖokuiwò nu le aƒewò me. 25 Wò amevi, kpo ɖa, wole ka tsa ge aɖo ŋuwò ahabla wò, be magaɖo ayi wo dome o. 26 Eye mana wò aɖe nalé ɖe aŋɔ me na wò kaɖii, ne wò aɖe natu, be magagblɔ tohenya na wo o; elabena ƒome sẽto wonye. 27 Ke ne maƒo nu kpli wò la, maʋu nu na wò, eye nagblɔ na wo bena: „Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi.“ Amesi see la, nesee; amesi gbe la, negbe; elabena ƒome sẽto wonye. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana