Hezekiel 28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Le Tiro-fia ŋuti. 1 Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena: 2 Amevi, gblɔna Tiro-amegã be: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi wò dzi le dadam, eye nele gbɔgblɔm be, Mawu yenye, eye Mawu ƒe nɔƒe yele le atsiaƒu titina, eye nèwɔ wò dzi abe Mawu to ene, evɔ wònye amegbetɔ nènye, eye menye Mawu o la, — 3 kpɔ ɖa, ènya nu wu Daniel, nya ɣaɣlaa ɖeke mele vivi me ɖe wò o; 4 wò nunya kple wò gɔmesese netsɔ kpɔ kesinɔnui, eye nède sika kple klosalo wò nudzraɖoƒewo; 5 wò nunya geɖe kple wò asitsatsa nètso kpo kesinɔnui kpaŋkpaŋ, eye wò dzi de asi dàda me le wò kesinɔnuawo ta — 6 eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi. Esi newɔ wò dzi abe Mawu to ene la, 7 eyata kpɔ ɖa, makplɔ du bubu me to, siwo nye ŋutasẽlawo aƒu wò dukɔ, woadi yi ɖe wò nunya ƒe nyonyo ŋu, eye woado gu wò atsyɔ̃. 8 Woatutu wò ade aʋli me, eye àku abe ame tsiaʋa ene ɖe atsiaƒu titina. 9 Ɖe àgblɔ emegbe le wuwòlawo ŋku me be, Mawu yenyea? Amegbetɔ nènye le amesiwo da nu wò la si me, eye menye Mawu o. 10 Àku abe bolotɔwo ene ɖe du bubu me towo si me; Aƒetɔ Yehowa be: Nyee gblɔe! 11 Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena: 12 Amevi, to konyifaha ɖe Tiro-fia ŋu, eye nagblɔ nɛ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Ŋkɔsigɛ, si wodzidze wòsɔ, nènye, nunya ba ɖe asiwò, eye wò nyonyo teƒe mekɔ o. 13 Ena Mawu ƒe abɔ Eden me, eye wotsɔ kpe xɔasi vovovowo ɖo ŋuwò. Karneol, topas kple yaspis, krisolit, soham kple oniks, safir, ametist kple smaragd; sika wotsɔ ɖo to na wò, eyae wotso do atsiã na wò le gbesigbe wowɔ wò. 14 Enye Kerubi keke aʋala me, metsɔ wò ɖo Mawu ƒe to kɔkɔe la dzi, eye nèzɔ dzokpewo dome. 15 Dzuƒe menɔ wò zɔzɔme ŋu tso gbesigbe wowɔ wò, vaseɖe esime wokpɔ nu madzɔmadzɔ le ŋuwò o. 16 Le wò asitsatsa gbogboawo ta nètso nu vɔ̃ɖi wɔwɔ yɔ ɖokuiwò mee, eye nezu nuvɔ̃wɔla; eyata menya wò ɖa le Mawu ƒe to kokoe la dzi, eye metsrɔ̃ wò le dzokpeawo dome, wò Kerubi, si keke aʋala me. 17 Wò dzi de asi dada me le wò nyonyo ta, ètsɔ wò nunya de aka le wò atsyɔ̃ ta; eyata matsɔ wò aƒu anyi, eye matsɔ wò ade asi na fiawo, ne woakpɔ wò ʋuu keke wòati wo. 18 Etsɔ wò vodada gbogboawo kple wò asitsatsa madzɔmadzɔ gblẽ ko ɖo na wò kɔkɔeƒe la; eyata mena dzo do tso mewo hefiã wò, eye metso wò wo dzowɔe ɖe anyigba dzi le amesiwo katã kpo wò la ŋku me. 19 Wò ame nyanyɛwo katã le dukɔwo dome ƒe nu ku ɖe ŋuwò; nuwo yi ŋɔdzitɔe, eye màganɔ anyi akpɔ gbeɖegbeɖe o. Zidon gbagbã. 20 Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena: 21 Amevi, trɔ ŋgɔ de Zidon, eye nagblɔ nya ɖi ɖe eŋu 22 gblɔ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Zidon, mele ƒoƒo ge ɖe dziwò, eye makɔ ɖokuinye ŋu le mewo, eye wòadze sii be, nyee nye Yehowa, nenye be, medrɔ̃ ʋɔnui, eye mekɔ ɖokuinye ŋu ɖe eŋuti. 23 Maɖo dɔvɔ̃ ɖe eŋu, eye ʋu ano eƒe kpɔdomeewo, amesiwo woda nui la, atsi yi, si tso goawo katã me va ɖe eŋu la nu le eme, eye woadze sii be, nyee nye Aƒetɔ Yehowa. 24 Eye ŋu tɔame kple aŋɔka wɔnuveviame maganɔe na Israel ƒe aƒe la tso amesiwo ƒo xlã wo godoo, eye wole vlo dom wo la si me o, ne woadze sii be, nyee nye Aƒetɔ Yehowa. 25 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Ne meƒo Israel ƒe aƒe la nu ƒu tso dukɔ, siwo katã dome wokaka ɖo dome la, ekema makɔ ɖokuinye ŋu ɖe wo ŋuti le dukɔwo ŋku me, eye woano woƒe anyigba, si metsɔ na nye dɔla Yakob la dzi. 26 Woanɔ edzi bɔkɔɔ, eye woatu xɔwo ahade weingblewo; ne medrɔ̃ ʋɔnu amesiwo katã le vlo dom wo le goawo katã me la, woawo ano anyi bɔkɔɔ, eye wòadze sii be, nye Yehowa ye nye woƒe Mawu. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana