Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Hezekiel 27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Konyifaha dzidzi le Tiro ŋuti.

1 Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena:

2 Amevi, to konyifaha ɖe Tiro ŋu,

3 eye nagblɔ na Tiro bena: Wò, si le atsiaƒu to, eye nèle asi tsam kple dukɔwo yi ƒukpo geɖewo dzi, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Tiro, ele gbɔgblɔm be: „Menyo eteƒe mekɔ o.“

4 Wò anyigba le atsiaƒu titina; tsowòlawo na nènyo eteƒe mekɔ o.

5 Senirtɔwo ƒe sesewu wotsɔ kpa wòe, eye Libanon ƒe sederti wotsɔ wɔ abalati ɖe mewòe.

6 Wotsɔ Basantɔwo ƒe fɔfɔli kpa wò akɔfawoe, eye wofa nyiɖu ɖe mewò hetsakae kple kpomi, si tso Kititɔwo ƒe ƒukpowo dzi.

7 Egiptetɔwo ƒe aklala, si wolɔ̃ ŋɔŋɔe la, nye wò abala, ne wòanye aflaga na wò, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ tso Elisa-ƒukpowo dzi nye wò agbadɔ.

8 Zidonitɔwo kple Arwadtɔwo nye wo ʋukulawo; Tiro, wò ame nyanu, siwo nɔ mewo la, nye wò kuɖɔɖolawo.

9 Gebal-ame tsitsiwo kple woƒe aɖaŋuawo nɔ mewo, ne woatre wò ɖuɖuƒewo; atsiaƒu dzi ʋuwo kple wo kulawo nɔ mewo, ne woaɖɔ li adzɔnu na wò.

10 Amewo tso Persia, Lud kple Put nye aʋawɔlawo nɔ wò aʋakɔwo dome; wotsɔ akpoxɔnu kple gakuku ku nu ɖe mewò, woawoe ɖo atsyɔ na wò.

11 Arwad-viwo kple wò aʋakɔwo le wò gliwo dzi godoo va kpe, eye Gamaditɔwo le wò xɔ tsralawo me; wotsɔ woƒe akpoxɔnuwo ku wò gliwo ŋu godoo va kpe, woawoe na wò nyonyo teƒe mekɔ o.

12 Tarsis tsa asi kpli wò le kesinɔnu gbogboawo katã ta; etsɔ klosalo, gayibɔ, gaɣi kple tsumi ƒle wò adzɔnuwoe.

13 Yawan, Tubal kple Mesex tsa asi kpli wò, amegbetɔwo kple akɔblinuwo wotsɔ ƒle wò adzɔnuwoe.

14 Amesiwo tso Togarma ƒe me la, tsɔ sɔwo, aʋawɔsɔwo kple tedzisɔwo ƒle wò adzɔnuwoe.

15 Dedantɔwo tsa asi kpli wò, ƒukpo geɖewo ƒe asitsatsa le asiwò me, eye wodzra nyiɖuwo kple keyi na wò.

16 Aram tsa asi kpli wò le wò aɖaŋudɔ gbogboawo ta; etsɔ adzagba, aɖabɛ dzĩtɔ, avɔ ŋɔŋɔe, aklala, soe kple gbloti ƒle wò adzɔnuwoe.

17 Yuda kple Israel tsa asi kpli wò; wotsɔ Minitɔwo ƒe lu, ƒo, anyitsi, ami kple lili ƒle wò adzɔnuwoe.

18 Damasko tsɔ Xelbontɔwo ƒe wein kple alẽfu ɣi ƒle wò aɖanudɔ gbogboawo kple wò kesinɔnu gbogboawo katãe.

19 Wotsɔ Usaltɔwo ƒe wein ƒle wò adzɔnuwoe, wotsɔ gayibɔ tete, kotoklobo kple gbekee ɖɔ li wò adzɔnuwoe.

20 Dedan tsɔ sɔkpa kuntru, siwo wotsɔna doa sɔe, tsa asi kpli wò.

21 Arabiatɔwo kple Kedar-amegãwo katã nye asitsalawo nɔ asiwò me, wotsɔ alẽviwo, agbowo kple gbɔ̃tsuwo tsa asi kpli wò.

22 Asitsalawo tso Saba kple Ragma tsa asi kpli wò; wotsɔ atike nyuitɔ vovovowo, kpe xɔasi vovovowo kple sika ƒle wò adzɔnuwoe.

23 Xaran, Kane, Eden kple asitsalawo tso Saba, Asur kple Media blibo la tsa asi kpli wò.

24 Wotsɔ atsyɔ̃vɔwo, aɖabɛ blɔtɔ ƒe awu ʋlayawo, avɔ ŋɔŋɔewo, kuntru ŋɔŋɔewo kple atagbi, siwo woƒo fefekae kple asiwo wogbe mligoe la, va tsa asi kpli wò le wò asiwo me.

25 Tarsis-ʋuwo he wò adzɔnuwo vɛ na wò, ale be nu bɔ ɖe asiwò, eye nèkpɔ ho fũ le atsiaƒu titina.

26 Kuwòlawo ku wò to tɔ gãwo dzi; ɣedzeƒeya gbã wò ɖe atsiaƒu titina!

27 Wò kesinɔnuwo, wò asitsanuwo kple wò adzɔnuwo, wò ʋukulawo, wò kuɖɔɖolawo kple amesiwo trea wò ɖuɖuƒewo, kpakple amesiwo ɖɔa li adzɔnu na wò, wò aʋawɔla, siwo katã le mewo, kple wò ameha blibo, si le mewo la, anyrɔ ɖe atsiaƒu titina le wò anyidzegbe.

28 Kuɖɔɖolawo ƒe ɣli ana ƒutawo nadzo kpekpekpe,

29 atablukulawo katã ado le woƒe ʋuwo me; ʋukulawo kple kuɖɔɖola, siwo katã le atsiaƒu dzi la, aɖi go ɖe gota.

30 Wòado aƒa ɖe ŋuwò, eye woaxa nu vevie, wòala kewɔ akɔ ɖe ta me, eye woanɔ togotogoe ƒom le dzowo me.

31 Woalũ ta kokoe le tawo, eye woata akpanya, woafa avi ɖe ŋuwò vevie tso dzi me, eye woaxa nu.

32 Woato konyifaha ɖe ŋuwò le woƒe nuxaxa me adzi ha ade wò bena: „Ameka le abe Tiro ene? Ɖoɖoe zi le eŋu abe aƒedo ene le atsiaƒu titina.

33 Esi wò adzɔnuwo to atsiaƒu dzi va la, eɖi ƒo na dukɔ geɖewo, etso wò kesinɔnu gbogboawo kple wò adzɔnuwo na anyigba dzi fiawo kpɔ hoe.

34 Azɔ ègbã gudugudu ɖe tɔ gɔme, eye nete ɖa tso atsiaƒu nu; wò adzɔnuwo kple wò ameha, siwo katã na mewo la nyro!“

35 Ƒukpo dzinɔlawo katã ƒe nu ku ɖe ŋuwò, woƒe fiawo ƒe lãme ble fu, eye woɖo adã lilili.

36 Dukɔwo ƒe asitsalawo le tsiã dom ɖe ŋuwò; nuwo yi ŋɔdzitɔe, eye maganɔ anyi akpɔ gbeɖegbeɖe o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan