Hezekiel 26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Nyagblɔɖi le Tiro-du ƒe gbegblẽ ŋuti. 1 Eye Yehowa ƒe gbe va nam le ƒe wuiɖekɛlia me le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi bena: 2 Amevi, esi Tiro le ehẽ dom de Yerusalem ŋu be: Dukɔwo ƒe agbo gbã, eyi de dzinye, eye nu abɔ de asinye, le esi wòzu gbegbe ŋuti la, 3 eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Tiro, maƒo de dziwò, eye mana dukɔ geɖewo naho de ŋuwò, abe alesi atsiaƒu nana eƒe tsotsoewo honae ene. 4 Magblẽ Tiro ƒe gliwo, eye mamũ eƒe xɔ tsralawo aƒu anyi, makplɔ eƒe anyiglãgowo ɖa, eye mawɔe woazu agakpe ƒeƒle. 5 Azu ɖɔsiaƒe le atsiaƒu titina, Aƒetɔ Yehowa be, nyee gblɔe, eye azu nuhaha na dukɔwo; 6 eye woatsɔ yi awu eƒe du, siwo le anyigba dzi la me tɔwo, ne wòadze sii be, nyee nye Yehowa. 7 Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, makplɔ Babel-fia Nebukadnezar, amesi nye fiawo dzi fia, atso anyiehe akpe ɖe sɔwo, tasiaɖamwo kple sɔdolawo, amehawo kple dukɔ geɖe ŋu ava ƒo ɖe Tiro dzi. 8 Atsɔ yi awu wò du, siwo le anyigba dzi la me tɔwo, eye woatu dzɔlawo ƒe xɔ tsralawo ɖe ŋuwò, aƒu kpo ɖe ŋuwò, eye wòakɔ akpoxɔnu dzi ɖe ŋuwò. 9 Atsɔ eƒe gligbãnuwo atu wò gli, eye wòatsɔ eƒe fiawo agba wò xɔ tsralawo aƒu anyi. 10 Eƒe sɔ gbogboawo ƒe ʋuʋudedi abla wò kɔtɔɔ, eye sɔdolawo, tasiaɖamfɔwo kple tasiaɖamwo ƒe hoowɔwɔ ana be, wò gliwo nadzo kpekpekpe, ne ege de wò agbowo me, abe alesi wogena de du gbagbã me ene. 11 Eƒe sɔwo ƒe afɔ anyã avuzi le wò kpɔdomeewo katã, awu wò dukɔ kple yi, eye wò ŋusẽ ƒe sɔtiawo amũ adze anyi. 12 Woaha wò kesinɔnuwo, eye woada adzo wò adzɔnuwo, woamũ wò gliwo, woagbã wò dzidzɔkpɔxɔwo, eye woalɔ wò kpewo, atiwo kple anyiglãgowo aƒu gbe ɖe atsiaƒu me. 13 Matsi wò hadzidziwo ƒe ɖiɖi nu, eye womagase wò kasaŋkuwo ƒe ɖiɖi azɔ o. 14 Mawɔ wò nazu agakpe ƒeƒle, ɖɔsiaƒe nazu, eye womagatso wò akpɔ o; Aƒetɔ Yehowa be, nye Yehowa ye gblɔe. 15 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ ɖe Tiro ŋu enye si: Ne amesiwo woda nui, le ŋeŋem, eye wowu amewo le mewo la, wò anyidzedze ƒe didi ana ƒukpowo nadzo kpekpekpe. 16 Ƒuta amegãwo katã aɖi le woƒe fiazikpuiwo dzi ɖe anyi, woaɖe woƒe awu ʋlayawo ɖi, eye woaɖe woƒe avɔ ŋɔŋɔewo ɖi; ŋɔdzi anyẽ atsyɔ wo, woabɔbɔ nɔ anyigba, woanɔ dzodzom nyanyanya ɖaa, eye woƒe nu aku de ŋuwò. 17 Eye woato konyifaha ɖe ŋuwò agblɔ ɖe ŋuwò bena: Aleke du, si ŋkɔ nya la, tsrɔ̃ hebu le atsiaƒu nu, wò, si mia kple mewo nɔlawo miekpɔ ŋusẽ le atsiaƒu dzi, eye wò ŋɔdzi kaka ɖe ŋuwò nɔlawo katã dome la! 18 Azɔ ƒukpowo le dzodzom kpekpekpe le wò anyidzegbe, eye dzidzi ƒo ƒukpowo le atsiaƒu me le wò nuwuwu la. 19 Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Ne mena nèzu aƒedo abe du, si me amea ɖeke mele o ene, ne mehe tɔɖɔɖɔ va dziwò, eye tsi gãwo nye tsyɔ wò la, 20 mana nayi aʋlimetɔ, siwo nye blematɔwo gbɔ; mana nanɔ tsieƒe le blemaƒedo me akpe de amesiwo le aʋli me la ŋu, ale be womagatso aƒe de mewo o, eye magadze le agbagbeawo ƒe anyigba dzi akpɔ o. 21 Matsɔ wò awɔ ŋɔdzinui, eye nuwò ayi, woadi wò, ke womagakpɔ wò gbeɖegbeɖe akpɔ o, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana