Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Hezekiel 25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nyagblɔɖi le Amon-viwo ŋuti.

1 Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena:

2 Amevi, trɔ mo ɖe Amon-viwo ŋu, eye nagblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu.

3 Gblɔ na Amon-viwo bena: Mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nya! Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi miele ehẽ dom ɖe nye kɔkɔeƒe la ŋu be, wodo gui, ɖe Israel-nyigba ŋu be, ezu gbegbe, eye ele Yuda ƒe aƒe la ŋu be, eyi aboyo me ŋuti la,

4 eyata kpɔ ɖa, matsɔ wò ana ɣedzeƒeviwo nanye wo tɔ, ne woatu woƒe agbadɔ ɖe gbɔwò, eye woatso aƒe ɖe gbɔwò, woaɖu wò kutsetsewo, eye woano wò notsi.

5 Mana Raba nazu kposɔwo ƒe gbeɖuƒe, eye Amon-viwo ƒe anyigba nazu akɔtsyɔƒe na alẽwo; eye miadze sii be, nyee nye Yehowa.

6 Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi nèƒu akpe, eye nètu afɔ anyi hekpɔ dzidzɔ tso wò dzi blibo me ɖe Israel-nyigba ŋu ɖe fewuɖuɖu me la,

7 eyata kpɔ ɖa, mado nye asi ɖa ɖe mia ŋu, eye matsɔ mi awɔ nuhaha na dukɔwo, matsrɔ̃ mi ɖa le dukɔwo dome, miabu le anyigbawo dzi gbidii, eye magblẽ mi, ne miadze sii be, nyee nye Yehowa.


Nyagblɔɖi le Moabitɔwo ŋuti.

8 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi Moab kple Seir wole gbɔgblɔm be, Yuda ƒe aƒe la zu abe dukɔ bubuwo katã ene la,

9 eyata kpɔ ɖa, maʋu Moab ƒe abɔta, si nye eƒe duwo, eƒe duwo le goawo katã me, Bet-Yesimot-nyigba ƒe nu vevi, Baal-Meon kple Kiryatayim,

10 eye màtsɔe ana ɣedzeƒeviwo akpe ɖe Amon-viwo ƒe anyigba ŋu, ne wòanye wo tɔ, eye ŋku magadze Amon-viwo dzi le dukɔwo dome azɔ o.

11 Mahe to na Moab, ne wòadze sii be, nyee nye Yehowa.


Nyagblɔɖi le Edomtɔwo ŋuti.

12 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi Edom bia hlɔ̃ Yuda ƒe aƒe la, eye wòɖi fɔ vevie, le esi wòbia hlɔ̃ wo ŋuti la,

13 eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mado nye asi ɖa ɖe Edom ŋu, eye matsrɔ̃ amegbetɔwo kple lãwo siaa ɖa le edzi, mana woazu gbegbe, eye woatsi yi nu, tso Teman vaseɖe Deɖan.

14 Matsɔ nye hlɔ̃biabia Edom ade asi na nye dukɔ Israel, eye woawo Edom ɖe nye dɔmedzoe kple nye dziku nu, eye wòadze si nye hlɔ̃biabia, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Nyagblɔɖi le Filistitɔwo ŋuti.

15 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi Filistitɔwo wɔ nu ɖe hlɔ̃biabia me, eye wotsɔ fuléle makumaku ɖe dzi me bia hlɔ̃e le fewuɖuɖu me, be woatsrɔ̃ ame la,

16 eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mado nye asi ɖa ɖe Filistitɔwo ŋu, matsrɔ̃ Kretatɔwo, eye mana amesiwo kpɔtɔ ɖe atsiaƒu nu la, nabu gbidii.

17 Mabia hlɔ̃ gã wo, eye mahe to na wo le dziku me, ne wòadze sii be, nyee nye Yehowa, nenye be, mebia hlɔ̃ wo.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan