Hezekiel 24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yerusalem ƒe gbegblẽ. 1 Eye Yehowa ƒe gbe va nam le ƒe asiekelia me, le dzinu ewolia ƒe ŋkeke ewolia dzi bena. 2 Amevi, ŋlɔ ŋkeke sia tututu ƒe ŋkɔ ɖi; elabena ŋkeke sia dzi Babel-fia ɖe to ɖe Yerusalem. 3 Do lo na ƒome sẽto la, eye nagblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Tsɔ gaze ɖo dzoe, tsɔe ɖo dzoe, eye naku tsi ɖe eme! 4 Fɔ lãkɔwo de eme, lãkɔ nyuiwo katã, alime kple abɔgba; tso ƒu nyuiawo de eme fũ. 5 Tsa alé nyuitɔwo, eye nade nake ete! Na lãkɔwo nafie, eye ƒuawo hã nabi ɖewo me. 6 Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Baba na hlɔ̃dodu la, gaze, si lé ɣebia, eye eƒe ɣebia meɖe le eŋu o! Ɖe lãwo le eme kokoko, eye megadzidze nu ɖe edzi hafi o. 7 Elabena eƒe ʋu le eme, agakpe ƒeƒle dzi wòkɔe ɖo, menye anyigba dzi wòwɔe ɖo, ne ke natsyɔ edzi o. 8 Meka eƒe ʋu dze agakpe ƒeƒle dzi, be nu magatsyɔ ɖee o, ne mahe dziku ava edzi, eye mabia hlɔ̃. 9 Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Baba na hlɔ̃dodu la! Nye hã matu nake ɖo gleglegle. 10 Ɖe nake geɖe ve, eye nado dzoa, na lãwo nabi, detsia neto, eye ƒuawo nalé ze. 11 Na zea natsi dzoa dzi, ne wò axɔ dzo, eye eƒe akɔbli nabiã hẽ, nu makomako, si le eme, nalólo, eye eƒe ɣebia nafiã. 12 Woku kutri, ke eƒe ɣebia gbogboawo gbe dodo le eŋu. 13 Esi meklɔ ŋuwò, ke wò nu makɔmakɔawo gbe ɖiɖi le ŋuwò le wò ŋukpenanuwɔwɔ makɔmakɔawo ta la, eyata ŋuwò maɖi akpa o, vaseɖe esime nye dziku nu nafa ɖe ŋuwò. 14 Nye Yehowa ye ƒo nu, egbɔna, eye mawɔ edzi, nyemadzudzɔ o, nyemakpɔ ame ta o, eye nyemakpɔ nublanui o, ke boŋ woadrɔ̃ ʋɔnu wò ɖe wò zɔzɔme kple wò nuwɔnawo nu, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe. 15 Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena: 16 Amevi, mele ku kpatakpata tsɔ ge aɖe nusi vivia wò ŋku nu la ɖa; megaxa nu o, megata avi o, eye wò aɖatsi megado o. 17 Ɖe hũ le adza me, eye megawɔ kunu o; bia ta, eye nado atokota ɖe afɔ, megabla nu ɖe wò ge o, eye megaɖu konyifabolo o. 18 Eye esi meƒo nu kple dukɔa le ŋdi la, srɔ̃nye ku le fiẽ, eye mewo le ŋdi, abe alesi woɖe se nam ene. 19 Tete dukɔ la gblɔ nam bena: Màgblɔ nusi wɔm nèle la gɔme na mi oa? 20 Eye meɖo ŋu na wo bena: Yehowa ƒe gbe va nam be: 21 Gblɔ na Israel ƒe aƒe la bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, magblẽ kɔ ɖo na nye kɔkɔeƒe la, miaƒe sitsoƒe, si nye miaƒe aɖegbeƒonu, nusi vivia miaƒe ŋkuwo nu kple nusi nye miaƒe luʋɔwo ƒe didi; miaƒe ŋutsuviwo kple miaƒe nyɔnuviwo, siwo miegblẽ ɖe megbe la, atsi yi nu. 22 Eye miawɔ pɛpɛpɛ abe nye ene: miabla nu ɖe ge o, eye miaɖu konyifabolo o, 23 miaƒe tablanu anɔ ta na mi, eye miaƒe atokotawo atsi afɔ na mi, miaxa nu o, eye miafa avi o, miatsrɔ̃ ɖe miaƒe vodadawo me, eye miaɖe hũ le mia nɔewo dome. 24 Xezekiel anye kpɔdzidze na mi, eye ne eva me la, miawɔ pɛpɛpɛ, abe alesi wòwɔ ene, eye miadze sii be, nyee nye Aƒetɔ Yehowa. 25 Wò amevi, gbesigbe maɖe woƒe sitsoƒe, woƒe dzidzɔ vevi, nusi vivia woƒe ŋkuwo nu, kple woƒe luʋɔwo ƒe didi, woƒe ŋutsuviwo kple woƒe nyɔnuviwo ɖa la, 26 gbemagbe ame asi ava gbɔwò, be yeava to nya na wò. 27 Gbemagbe woaʋu nu na mia kple ame sisi la siaa, àƒo nu, eye màzi kpi o. Ale nanye kpɔdzidze na wo, ne wòadze sii be, nyee nye Yehowa. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana