Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Hezekiel 2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Xezekiel ɖoɖo nyagblɔɖilae.

1 Eye wògblɔ nam bena: Amevi, tsi tre ɖe wò afɔ dzi, ne maƒo nu kpli wò.

2 Esi wòƒo nu kplim la, gbɔgbɔ la ɖo menye, eye wòfɔm ɖe te ɖe nye afɔwo dzi, eye melé to ɖe amesi le nu ƒom kplim la ŋu.

3 Eye wògblɔ nam bena: Amevi, madɔ wò ɖe Israel-viwo, dukɔ dzeaglã, si dze aglã ɖe ŋunye la gbɔ, woawo kple wo fofowo trɔ ʋu le yonyeme va do egbenɔwo tsɛ.

4 Vi, siwo gbɔ mele dɔwòm ɖo la, mo kplala li na wo, eye woƒe tame sẽ goŋgoŋ. Gblɔ na wo bena: „Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi!“

5 Ke wosee o, womeɖasee o, woanyae be, nyagblɔɖila ɖe nɔ yewo dome kpɔ; elabena ƒome sẽto wonye.

6 Ke wò amevi, nenye be, nèle dza kple aŋɔkawo gbɔ, eye nètso aƒe ɖe dziɖegbewo gbɔ hã la, megavɔ̃ wo o, eye megavɔ̃ woƒe nyawo o! Megavɔ̃ woƒe nyawo o, eye woƒe mo megatso dzika ƒo na wò o, elabena ƒome sẽto wonye;

7 ke boŋ gblɔ nye nyawo na wo, wosee o, womeɖasee o; elabena ƒome sẽto wonye.

8 Ke wò amevi, se nya, si gblɔ ge mala na wò, eye megasẽ to abe ƒome sẽto la ene o! Ke wò nu naɖu nusi tso ge mala na wò la!

9 Tete mekpɔ wodo asia ɖe ɖe gbɔnye, si me agbalẽ le.

10 Eye wòkekee ɖe ŋkunye me, woŋlɔ nu ɖe eme kple ekɔgo, eye woŋlɔ konyifahawo, hũɖeɖewo kple vevesesewo ɖe eme.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan