Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Hezekiel 19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Konyifahadzidzi le Yuda dziɖulawo ŋuti.

1 Ke wò la to konyifaha ɖe Israel ƒe amegã ŋu

2 gblɔ bena: Ameka nye dawo? Dzatanɔ wònye tsyɔ akɔ ɖe dzatawo dome, eye wònyi viawo wotsi le dzataviwo dome

3 Enyi viawo dometɔ ɖeka wòtsi, eye wòzu dzatavi; esrɔ̃ nuléle, eye wòɖua amelã.

4 Ke esi dukɔwo se eŋkɔ la, woɖo asɔʋe nɛ heɖee, eye wode ŋɔtigae hekplɔ yi Egipte-nyigba dzii.

5 Eye esi dada kpɔ be, yelala dzodzro, eye yeƒe mɔkpɔkpɔ nu tsi la, etsɔ viawo dometɔ ɖeka heɖo dzatae.

6 Enɔ dzatawo dome, eye wòzu dzatavi; esrɔ̃ nuléle, eye woɖu amelã.

7 Egbã woƒe fiasãwo, eɖo aƒedo woƒe duwo, eye eƒe gbeɖeɖe ƒe ɖiɖi na ŋɔdzi lé anyigba kple edzinɔlawo.

8 Tete dukɔwo tso ɖe eŋu godoo tso anyigbawo dzi, woɖo ɖɔ ne, eye woɖee le woƒe asɔʋe me.

9 Woɖe ŋɔtigae, eye wotsɔe de kpẽ me hekplɔe yi na Babel-fia; wotsɔe de mɔ̃ sesẽ me, ne womagase eƒe gbe le Israel-towo dzi azɔ o.

10 Dawò nye weinka wodo ɖe to to abe wò ene, etse fũ, eye wòto aŋgba mlamlamla le tsi geɖe ta.

11 Eƒe alo ɖeka lolo hezu dziɖula ƒe fiatikplɔ, eye wòkɔ alɔ gbɔ alɔ dodoawo ta. Esi wokpɔ be, akɔ alea, eye wòto geɖe la,

12 wohoe ƒu anyi le dziku me, eye ɣedzeƒeya no tsi le eƒe tsetsewo me; woŋe eƒe alo gã la, eye wòƒu wotɔ dzoe.

13 Azɔ wotsɔe do ɖe gbegbe le kuɖinyigba kple anyigba ƒuƒu dzi.

14 Eye dzo do tso eƒe alɔwo ƒe zekpẽ me hefiã eƒe tsetsewo, eye alɔ gãa ɖeke megale eŋu ahanye dziɖula ƒe fiatikplɔ o. Konyifaha wònye, eye wòzu konyifaha.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan