Hezekiel 18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Amesiame aku le eya ŋuta ƒe nuvɔ̃ ta. 1 Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena: 2 Nukaŋuti miele lo sia dom le Israel-nyigba dzi bena: „Fofowo ɖu weintsetse hɔhlɔ̃e, eye aɖu nyɔ viwo? 3 Aƒetɔ Yehowa be: Metà ɖokuinye ƒe agbe: Ne miagado lo sia lé Israel fi! 4 Kpɔ ɖa, luʋɔwo katã, tɔnye wonye, fofo kple vi ƒe luʋɔ siaa, tɔnye wonye; luʋɔ, si wɔ nuvɔ̃ la, eyae aku. 5 Ne amea ɖe nye ame dzɔdzɔe, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe kple nusi le eteƒe, 6 meɖua nu le towo dzi o, eye mefɔa mo te ɖe Israel ƒe aƒe la ƒe legbawo ŋu o, megblẽa kɔ ɖo na ehavi srɔ̃ o, eye metena ɖe nyɔnu ŋuti le eƒe dzinukpɔɣi o, 7 mebaa ame o, egbugbɔa awɔbanu, si wòxɔ ɖe eƒe fe nu la nana, eye meɖua sesẽnu o, enaa eƒe abolo dɔwuitɔwo, eye wòtaa avɔ na amesiwo tsi ƒeƒle, 8 meɖia kasa le agbanadodo me o, eye mexɔa deme o, eɖea eƒe asi ɖa tso nu gbegblẽ wɔwɔ me, eye wòtsoa afia na ame kple ehavi ɖe eteƒe, 9 ezɔna ɖe nye ɖoɖowo nu, eye wòléa nye sewo me ɖe asi hewɔa nuteƒe la, eya nye ame dzɔdzɔe, anɔ agbe kokoko, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe. 10 Eye ne edzi vi sẽŋuta, si kɔa ʋu ɖi, amesi wɔa nusiawo dometɔa ɖe, 11 evɔ wònye fofoa mewɔa nusiawo dometɔa ɖeke o hafi; eyama ɖua nu le towo dzi, eye wògblẽa kɔ ɖo na ehavi srɔ̃, 12 esẽa ŋuta le ame dahewo kple hiãtɔwo ŋu, eɖua sesẽnu, eye megbugbɔa awɔbanu nana o, efɔa mo te ɖe legbawo ŋu, eye wòwɔa ŋunyɔnu, 13 eɖia kasa le agbanadodo me, eye wòxɔa deme la, ɖe wòanɔ agbea? Manɔ agbe o, ke boŋ esi wòwɔa ŋunyɔnu siawo katã ŋuti la, eyata aku, eye eƒe ʋu ava edzi. 14 Eye ne edzi vi, eye wòkpɔ nuvɔ̃, siwo katã fofoa wɔna, ke evɔ, eye mewɔa emawo tɔgbe o: 15 Meɖua nu le towo dzi o, mefɔa kɔ te ɖe Israel ƒe aƒe la ƒe legbawo ŋu o, eye megblẽa kɔ ɖo na ehavi srɔ̃ o, 16 mesẽa ŋuta le amea ɖeke ŋu o, mexɔa awɔbanu o, eye meɖua sesẽnu o, enaa eƒe abolo dɔwuitɔwo, eye wòtaa avɔ na amesiwo tsi ƒeƒle, 17 eɖea eƒe asi ɖa tso nu gbegblẽ wɔwɔ me, meɖia kasa o, eye mexɔa deme o, ewɔa nye sewo dzi, eye wòzɔna ɖe nye ɖoɖowo nu la, eya maku le fofoa ƒe vodadawo ta o, ke boŋ anɔ agbe. 18 Ke esi fofoa sea ŋuta le ame ŋu, exɔa sesẽnu le nɔvia si, eye wòwɔa nu manyomanyo le wo ɖeviwo dome la, eyata aku le eƒe vodadawo la. 19 Miawo miele gbɔgblɔm be: Nukaŋuti fofo ƒe vodada manɔ via dzi ɖo o hã? Ne via wɔa nu dzɔdzɔe kple nusi le eteƒe, eye wòléa nye ɖoɖowo katã me ɖe asi hewɔa wo dzi la, anɔ agbe. 20 Amesi wɔa nuvɔ̃ la, eyae aku; fofo ƒe vodada manɔ via dzi o, eye vi ƒe vodada manɔ fofo dzi o; ame dzɔdzɔe ƒe dzɔdzɔenyenye ava eya ŋutɔ dzi, eye ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ɖi wowɔ ava eya ŋutɔ dzi. Mawu kpɔa ŋudzedze le vɔ̃wɔla ƒe dzimetɔtrɔ ŋuti. 21 Ne ame vɔ̃ɖi trɔ tso eƒe nuvɔ̃, siwo katã wòwɔna la me, eye wòlé nye ɖoɖowo katã me ɖe asi hewoa nu dzodzoe kple nusi le eteƒe la, ana agbe, maku o. 22 Womagaɖo ŋu eƒe dzi, siwo katã wòda la o, ke boŋ ana agbe le eƒe nu dzodzoe, siwo wòwɔna la ta. 23 Aƒetɔ Yehowa be: Ɖe ame vɔ̃ɖi ƒe ku vivia nunyea? negbe ne etrɔ tso eƒe mɔwo dzi, be wòanɔ agbe la koe! 24 Eye ne ame dzɔdzɔe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu hewɔa nu gbegblẽ, eye wòwɔa ŋunyɔnu, siwo katã ame vɔ̃ɖi wɔna la, ɖe wòanɔ agbea? Womagaɖo ŋu nu dzɔdzɔe, siwo katã wòwɔ la o, le eƒe go, si wòdze, kple eƒe nuvɔ̃, siwo wòwɔ la ta; woawo ta wòaku ɖo. 25 Ke miele gbɔgblɔm be: „Aƒetɔ la ƒe nuwɔna mele eteƒe o.“ Israel ƒe aƒe, misee: Nye nuwɔnae mele eteƒe oa? Ɖe menye miawo boŋ ƒe nuwɔnae mele eteƒe oa? 26 Ne ame dzɔdzɔe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu, eye wòwɔa nu gbegblẽ la, aku ɖe esia ta; eƒe nu gbegblẽ, si wòwɔna la tae wòaku ɖo. 27 Eye ne ame vɔ̃ɖi ɖe asi le eƒe nu vɔ̃ɖi, si wòwɔ ŋu hewɔa nu dzɔdzɔe kple nusi le eteƒe la, axɔ eƒe luʋɔ ɖe agbe. 28 Eye ne edze sii, eye wòɖe asi le eƒe dzi, siwo katã wòda ŋu la, anɔ agbe, maku o. 29 Israel ƒe aƒe la le gbɔgblɔm be: „Aƒetɔ la ƒe nuwɔna mele eteƒe o.“ Israel ƒe aƒe, nye nuwɔnae mele eteƒe oa? De menye miawo boŋ ƒe nuwɔnae mele eteƒe oa? 30 Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Israel ƒe aƒe, madrɔ̃ ʋɔnu mia dome amesiame ɖe eƒe zɔzɔme nu. Miɖe asi le miaƒe dzidadawo katã ŋu, miɖe asi le wo ŋu, ne vodadawo maganye mɔ̃ na mi o! 31 Miɖe miaƒe dzi, siwo katã mieda ɖe ŋunye la ɖa, eye miwɔ dzi yeye kple gbɔgbɔ yeye na mia ɖokui. Israel ƒe aƒe, nukaŋuti miehe, yewoaku? 32 Aƒetɔ Yehowa be: Elabena ame ƒe ku mevivia nunye o. Eyata mitrɔ ta me, ne mianɔ agbe! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana