Hezekiel 17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Adzototo le Dawid ƒe aƒe la ŋuti. 1 Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena: 2 Amevi, to adzo, eye nado lo na Israel ƒe aƒe la 3 gblɔ bena Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Hɔ̃ gãa ɖe, si ƒe aʋalawo lolo, eƒe aʋalafuwo didi, eye wòto fu ŋɔŋɔe kpoyoo la, va Libanon dzi, eye wòŋe sederti ƒe domee dzoe. 4 Èŋe woƒe alɔwo ƒe tametɔ hetsɔ yi nudzralawo ƒe anyigba dzi, eye wòtsɔe do ɖe asitsalawo ƒe du me. 5 Eye wotsɔ anyigba dzi nukuwo dometɔ ɖeka ɖaƒã de agble me, eƒãe ɖe tɔ gãwo to abe amuti ene. 6 Tete wòdze hezu weinka, si vu dranyi, eƒe zekpẽ mekɔ o, ne eƒe alɔwo nadzɔ ɖe eyama ŋu, eye eƒe kewo natsi ete. Ale wòzu weinka, eye wòɖe ka hevu alɔ. 7 Eye hɔ̃ gã bubua ɖe li, eƒe aʋalawo lolo, eye wòto fu kpoyoo; eye kpɔ ɖa, weinka ma bi eƒe kewo ɖe eŋu, eye wòdidi eƒe alɔwo ɖe egbɔ tso kpo, si dzi wodoe ɖo la dzi, ne wòana tsii wòano, 8 evɔ wònye agblewɔnu mee wodoe ɖo le tɔ gãwo to, be wòaɖe alɔ, atse ku, eye wòazu weinka nyui hafi. 9 Gblɔ be: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Ɖe wòadze edzia? De mava aho eƒe kewo, ne woaku, eƒe alɔ fẽwo naƒu, eye woatso eƒe tsetsewo oa? Menye ŋusẽ gã kple dukɔ geɖe wòle tsɔtsɔ ge ava ahoe kple ke o. 10 Kpɔ ɖa, wodoe, ke de wòadze edzia? Ne ɣedzeƒeya be ɖe eme la, ɖe maku oa? Kpo, si dzi wòmie do la dzie wòaku ɖo. 11 Tete Yehowa ƒe gbe va nam bena: 12 Gblɔ na ƒome sẽto la bena: Miese nusia gɔmea? Gblɔ bena: Kpɔ ɖa, Babel-fia va Yerusalem, eye wòkplɔ eƒe fia kple eƒe amegãwo yi eɖokui gbɔ le Babel. 13 Eɖe ame ɖeka le fiaƒome la me, eye wòbia nu kplii heka atam nɛ, ke ekplɔ anyigba dzi bubumewo dzoe; 14 ne fiaɖuƒe la natsi to, eye magafɔ eɖokui ɖe dzi o, be wòawɔ eƒe nubabla dzi, eye wòali ke. 15 Ke edze aglã ɖe eŋu, eye wòɖo ame ɖe Egipte, ne woana sɔ kple ame geɖewoe. Ɖe wòadze edzi nɛa, eye ɖe amesi wo alea la, asia? Eye esi wònye nubabla wòtu la, ɖe wòasia? 16 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Meta ɖokuinye ƒe agbe: Ne menye ɖe woaku ɖe fia, si tsɔe ɖo fia, amesi ƒe atam wòdo vloe, eye wòtu eƒe nubabla la de le Babel o fi! 17 Eye ne woƒu kpo ɖe eŋu, eye wotu dzɔlawo ƒe xɔ tsralawo, be woatsrɔ̃ ame geɖewo la, Farao matsɔ aʋakɔ gã kple ameha geɖe akpe ɖe eŋu le aʋa me o. 18 Esi wòdo vlo atam la hetu nubabla la, evɔ wònye ena asi ame tso hafi wɔ nusiawo katã la, eyata masi o. 19 Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Metà ɖokuinye ƒe agbe: Ne nyemahe nye atam, si wòdo vlo, kple nye nubabla, si wòtu la, ava eƒe ta dzi o fi! 20 Maɖo nye ɖo nɛ, eye nye mɔ̃ aɖee, makplɔe ayi Babel, eye mahe nya kplii le afima le ʋu, si wòtrɔ le yonyeme la ta. 21 Eƒe aʋawɔla tiatiawo katã, siwo le eƒe aʋalɔgowo katã me la, atsi yi nu, eye ame mamleawo akaka ɖe yawo katã nu, ne miadze sii be, nye Yehowa ye gblɔe. 22 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Nyea matsɔ sederti kɔkɔ ƒe ɖɔmee aɖado; wo tametɔwo ƒe alɔ fẽa ɖe maŋe aɖado ɖe to kɔkɔ gãa ɖe dzi. 23 Israel ƒe to kɔkɔ dzi madoe ɖo, adze alɔ, atse ku, eye woazu sederti nyuia ɖe, eye xevi ƒomevi vovovowo katã anɔ ete, eƒe alɔwo ƒe vɔvɔli te woanɔ. 24 Eye gbemetiwo katã adze sii be, nye Yehowa ye bɔbɔ ati kɔkɔ la ɖe anyi, eye mekɔ ati tehee la ɖe dzi; nyee na ati mumu la ku, eye ati kuku la dze, nye Yehowa ye ƒo nu, eye mewɔe hã. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana