Hezekiel 14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Womeɖo legbasubɔlawo ƒe biabia gu na wo o. 1 Eye ŋutsuwo tso Israel ƒe ame tsitsiwo dome va gbɔnye, eye wobɔbɔ nɔ ŋkunye me. 2 Tete Yehowa ƒe gbe va nam bena: 3 Amevi, ŋutsu siawo lé woƒe legbawo ɖe dzi me, eye wotsɔ woƒe vodadawo ƒe nukikliwo ɖo ŋku me, ɖe mana woabia gbema? 4 Eyata ƒo nu kpli wo nagblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Ne Israel ƒe aƒe la ƒe ŋutsua ɖe lé eƒe legba ɖe dzi me, eye wòtsɔ eƒe vodada ƒe nukikli ɖo ŋku me heva nyagblɔɖila gbɔ la, nye Yehowa ŋutɔ maɖo eŋu ne, evɔ wònye eƒe legbawo sɔ gbɔ hafi; 5 ne nye asi natu Israel ƒe aƒe la ƒe dzi, wo amesiwo tso woƒe legbawo katã trɔ le yonyeme. 6 Eyata gblɔ na Israel ƒe aƒe la bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mitrɔ, mitrɔ tso miaƒe legbawo yome, eye miɖe kɔ ɖa le miaƒe ŋunyɔnuwo katã ŋu! 7 Elabena ne Israel ƒe aƒe la ƒe amea ɖe, alo amedzro, siwo le Israel la dometɔa ɖe trɔ le yonyeme, elé eƒe legbawo ɖe dzi me, eye wotsɔ eƒe vodada ƒe nukikli ɖo ŋku me heva nyagblɔɖila gbɔ, ne woabia gbem nɛ la, nye Yehowa ŋutɔ maɖo ŋu nɛ. 8 Matsɔ nye ŋku aɖo ŋutsu ma ŋu, eye matsɔe awɔ dzesi kple hamelo, eye matsrɔ̃e ɖa le nye dukɔ la dome, ne miadze sii be, nyee nye Yehowa. 9 Ke ne woflu nyagblɔɖila ɖe wòƒo nu la, nye Yehowa ye flu nyagblɔɖila ma, eye mado nye asi ɖa ɖe eŋu ahatsrɔ̃e ɖa le nye dukɔ Israel dome. 10 Eye woatsɔ woawo ŋutɔ ƒe vodada: alesi gbebiala ƒe vodada le la, nenema nyagblɔɖila hã ƒe vodada anɔ; 11 ne Israel ƒe aƒe la magatra le ŋunye, eye woatsɔ woƒe dzidadawo katã agblẽ kɔ ɖo na wo ɖokui azɔ o, ke boŋ woanye nye dukɔ, eye manye woƒe Mawu, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe. Womagahe ʋɔnudɔdrɔ̃ Yerusalem ɖe megbe le mawuvɔ̃lawo ƒe kukuɖeɖe ɖe eta trɔ hã ŋuti o. 12 Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena: 13 Amevi, ne anyigbae ete wo nuvɔ̃ ele ŋunye hetrɔ ʋu le yonyeme, eye medo nye asi ɖa ɖe eŋu heŋe abolo ƒe ziɔdeŋu, eye meɖo dɔwuame ɖe afima, be matsrɔ̃ amegbetɔwo kple lãwo le edzi, 14 eye ŋutsu etɔ siawo: Noa, Daniel kple Hiob le edzi la, woaɖe woƒe agbe le woƒe dzɔdzɔenyenye ta, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe. 15 Ne meɖo lã wɔadãwo ɖe anyigba dzi, be woaɖe ame le edzi, eye woazu gbegbe, be amea ɖeke magato edzi ayi o le lãwo ta, 16 eye ŋutsu etɔ̃ siawo le edzi la, Aƒetɔ Yehowa be: Metà ɖokuinye ƒe agbe: Womaɖe ŋutsuvi alo nyɔnuvi o, negbe woawo ɖeɖe ko woaɖe, eye anyigba la azu gbegbe. 17 Alo ne meɖo yi ɖe anyigba ma dzi hegblɔ be: Vi, to anyigba dzi yi, eye mebe, matsrɔ̃ amegbetɔwo kple lãwo le edzi, 18 eye ŋutsu etɔ̃ siawo le edzi la, Aƒetɔ Yehowa be: Metà ɖokuinye ƒe agbe: Womaɖe ŋutsuvi alo nyɔnuvi o, negbe woawo ɖeɖe ko woaɖe. 19 Alo ne meɖo dɔvɔ̃ ɖe anyigba ma dzi, eye nye dziku zu ʋu metrɔ kɔ ɖe edzi, be matsrɔ̃ amegbetɔwo kple lãwo le edzi, 20 eye Noa, Daniel kple Hiob le edzi la. Aƒetɔ Yehowa be: Metà ɖokuinye ƒe agbe: Womaɖe ŋutsuvi alo nyɔnuvia ɖeke o, negbe woawo ŋutɔ ƒe agbe ko woaɖe le woƒe dzɔdzɔenyenye ta. 21 Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Ke ne meɖo yi, dɔwuame, lã wɔadã kple dɔvɔ̃, siwo nye nye tohenu vɔ̃ɖi eneawo ɖa ɖe Yerusalem ŋu, be matsrɔ̃ amegbetɔwo kple lãwo le eme la, 22 kpɔ ɖa, ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo, siwo tsi agbe la, akpɔtɔ ɖe eme, eye woakplɔ wo adzoe; woava mia gbɔ, eye ne miekpɔ woƒe zɔzɔme kple woƒe nuwɔna la, miafa akɔ na mia ɖokui le dzɔgbevɔ̃e, si mehe va Yerusalem dzi, kple nusiwo katã mena wova edzi la ŋuti. 23 Eye woata akɔ na mi, nenye be, miekpɔ woƒe zɔzɔme kple woƒe nuwɔnawo, eye miadze sii be, menye dzodzroe mewɔ nusiawo katã ɖe eŋu ɖo o, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana