Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Hezekiel 13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nyagblɔɖi le aʋatsonyagblɔɖilawo ŋuti.

1 Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena:

2 Amevi, gblɔ nya ɖi ɖe Israel ƒe nyagblɔɖilawo, amesiwo le nya gblɔm ɖi la ŋu, eye nagblɔ na amesiwo le nya gblɔm ɖi tso woawo ŋutɔ ƒe dzi me la bena: Mise Yehowa ƒe nya!

3 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Baba na nyagblɔɖila tsibomewo, amesiwo dze woawo ŋutɔ ƒe dzi kple nusi womekpɔ o la yome!

4 Israel, wò nyagblɔɖilawo zu abe abeiwo le glikpowo me ene.

5 Miexe gbagbãƒewo o, eye mieɖo gli ɖe Israel ƒe aƒe la ŋu, ne wòanɔ te ɖe aʋa nu le Yehowa ƒe ŋkeke la dzi o.

6 Nu dzodzroa kpɔm wole, eye alakpanya gblɔm wole ɖi; wo, amesiwo le gbɔgblɔm be: „Yehowa ƒe gbe enye si,“ evɔ wònye Yehowa medɔ wo o hafi, eye wole mɔ kpɔm be, nya la ava me.

7 Ɖe menye ŋutega dzodzroa míekpɔ, eye miegblɔ alakpanya ɖi le gbɔgblɔm be; „Yehowa ƒe gbe enye si,“ evɔ wònye nyemeƒo nu hafi o oa?

8 Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi mieƒo nu dzodzroa, eye miekpɔ alakpanu la, eyata maƒo ɖe mia dzi, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.

9 Nye asi ava nyagblɔɖila, siwo kpɔa nu dzodzroa, eye wogblɔa alakpanya ɖi la dzi: womanɔ nye dukɔ ƒe ha me o, womaŋlɔ wo ɖe Israel ƒe aƒe la ƒe agbalẽ me o, eye womade Israel-nyigba dzi o, ne wòadze sii be, nyee nye Aƒetɔ Yehowa.

10 Elabena wokplɔ nye dukɔ la trae hele gbɔgblɔm be „ŋutifafa“, evɔ wònye ŋutifafaa ɖeke meli o hafi. Dukɔ la ɖo gli, eye woawo si akalo nɛ.

11 Gblɔ na akalosilaawo be: Tsidzadza gbɔna hahaha, tsikpewo adza, eye ahom atu,

12 eye gli la amũ! Ɖe womegblɔ na mi emegbe be: Afika akalo, si miesi la, le hã oa?

13 Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mana ahom natu le nye dziku me, tsi nadza bababa le nye dɔmedzoe me, eye tsikpewo nadza le nye dziku me, ne woagblẽ nu.

14 Mamũ gli, si miesi akalo na la, eye matutui aƒu anyi, ale be eƒe agunu natsi go; amũ, eye miawo miaku ɖe ete, ne miadze sii be, nyee nye Yehowa.

15 Matrɔ nye dziku blibo la aƒo ɖe gli la kple amesiwo si akalo nɛ la dzi ahagblɔ na mi be: Glia nu yi, eye amesiwo si akalo nɛ la nu yi,

16 woawo nye Israel ƒe nyagblɔɖilawo, amesiwo gblɔ nya ɖi ɖe Yerusalem ŋu, eye wokpɔ ŋutifafa ŋutega nɛ, evɔ wònye ŋutifafa meli o hafi, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!

17 Wò amevi, trɔ ŋgɔ dze wò dukɔ ƒe nyɔnuvi, siwo le nya gblɔm ɖi tso woawo ŋutɔ ƒe dzi me, eye nagblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu,

18 gblɔ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Baba na amesiwo saa dzoka ɖe alɔnuwo katã, eye wowɔa tatsyɔnu ɖe tawo katã, ɖeviwo kple tsitsiawo tɔ ŋu, ne woatsɔ alé luʋɔwoe; wòlé nye dukɔ ƒe luʋɔ, be woawo ŋutɔ ƒe luʋɔ natsi agbe.

19 Mieɖo gum le nye dukɔ la ŋku me le lu asiʋlo ɖeka kple abolo alɔgomedede ɖeka ta, be miawu luʋɔ, siwo medze ku o, eye miaxɔ luʋɔ, siwo dze ku la, ɖe agbe, esime mieka aʋatso na nye dukɔ, si lɔ̃a aʋatsonya sese la.

20 Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, matso miaƒe dzoka, siwo mietsɔna ɖea luʋɔwoe abe xevi ene la, le miaƒe alɔnuwo, eye maxɔ luʋɔ, siwo mieɖe abe xevi ene la.

21 Mavuvu miaƒe tatsyɔnuawo, eye maɖe nye dukɔ le mia si me, be maganye nuléle anɔ mia si me azɔ o, ne miadze sii be, nyee nye Yehowa.

22 Esi mietsɔ alakpa do nuxaxa na ame dzɔdzɔe ƒe dzi, evɔ wònye nyemebe, mado nuxaxa nɛ hafi o, eye mieɖo ŋusẽ ame vɔ̃ɖi ƒe asi, be magatrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃wo dzi, ne woatsi agbe o la,

23 eyata miagakpɔ nu dzodzroa azɔ o, eye miagagblɔ alakpanya ɖi azɔ o, eye maɖe nye dukɔ le mia si me, ne miadze sii be, nyee nye Yehowa.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan