Hezekiel 12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Alesi woakplɔ ba la ayi la ƒe kpɔdeŋu, kple alesi nyagblɔɖi sia ava me kaba. 1 Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena: 2 Amevi, ƒome sẽto me nele, amesiwo ŋku li na, ne woatsɔ akpɔ nui, ke womekpɔa nu o, eye to li na wo, ne woatsɔ ase nui, ke womesea nu o, elabena ƒome sẽto wonye. 3 Wò amevi, do mɔzɔgba, eye nadze mɔ le ŋkeke me le wo ŋku me, dze mɔ tso nɔwòƒe yi teƒe bubu le wo ŋku me, ɖewohĩ woakpɔe bena, ƒome sẽto yewonye. 4 Tsɔ wò agba la do goe le ŋkeke me abe mɔzɔgba ene, ne woakpɔ, eye nadze mɔ le wo ŋku me le fiẽ, abe alesi aboyomewo dzea mɔe ene. 5 Ŋɔ gli le wo ŋku me, eye nato eme ado ɖe egodo. 6 Kɔe ɖo abɔta le wo ŋku me, eye ne blukɔ do la, natsɔe adzoe; tsyɔ nu ŋku me, be magakpɔ anyigba la o; elabena ɖe metsɔ wò ɖo dzesi na Israel ƒe aƒe la. 7 Eye mewɔ, abe alesi wode se nam ene: Metsɔ nye agba la do goe le ŋkeke me abe mɔzɔgba ene, eye metsɔ asi ŋɔ gli la le fiẽ; esi blukɔ do la, metsɔe dzoe, eye mekɔe ɖo abɔta le wo ŋku me. 8 Esi ŋu ke la, Yehowa ƒe gbe va nam bena: 9 Amevi, ɖe Israel ƒe aƒe, ƒome sẽto la, megblɔ na wò be: Nuka wɔm nele hã oa? 10 Gblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Amegã, si le Yerusalem, kple Israel ƒe aƒe blibo, si le eme la tɔe nye nya sia. 11 Gblɔ bena: Dzesi menye na mi, alesi mewɔ la, nenema ava me na woe: Woakplɔ woamawo adzoe, eye woayi aboyo me. 12 Amegã, si le wo dome la, alé agba ɖe abɔta adzo le blukɔ me, woaŋɔ gli, ne wòato eme adzo, eye atsyɔ nu ŋku me, le esi wòbe, yemele anyigba la kpɔ ge kple ŋku o ta. 13 Maɖo ɖɔ nɛ, eye nye mɔ̃ aɖee, makplɔe ayi Babel le Kaldeatɔwo ƒe anyigba dzi, ke makpɔe o, eye afima wòaku ɖo. 14 Eye makaka eƒe xɔnametɔ, siwo katã ƒo xlãe godoo, kple eƒe aʋakɔwo katã ahlẽ ɖe yawo katã nu, eye maɖi yi anɔ wo yome. 15 Eye ne mekaka wo ɖe dukɔwo dome, eye mehlẽ wo ɖe anyigbawo dzi la, wòadze sii be, nyee nye Yehowa. 16 Ke makpɔtɔ woƒe ame ʋeea ɖewo ɖi tso yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ si me, ne woaxlẽ woƒe ŋunyɔnuwɔwɔwo katã afia le dukɔwo dome, afisi woayi, ne woawo nadze sii be, nyee nye Yehowa. 17 Tete Yehowa ƒe gbe va nam be: 18 Amevi, nɔ ƒoƒom kpakpakpa naɖu wò abolo, eye nano wò tsi le dzodzo nyanyanya kple ŋɔdzi me. 19 Eye nagblɔ na dukɔ hahoo la bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ ɖe Yerusalemtɔ, siwo le Israel-nyigba dzi la ŋu enye si: Woaɖu woƒe abolo kple vɔvɔ̃, eye woano woƒe tsi le ŋɔdzi me, elabena woƒe anyigba azu gbegbe, eye woaɖe edzi nuwo katã ɖa le edzinɔlawo katã ƒe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ta. 20 Du, siwo me ame le la, azu aƒedo, eye anyigba la azu gbegbe, ne miadze sii be, nyee nye Yehowa. 21 Eye Yehowa ƒe gbe va nam be: 22 Amevi, nya ka ƒomevi enye ekem gblɔm miele le Israel-nyigba dzi be, ɣeyiɣiawo gbɔ metsɔ o, eye ŋutegawo katã nu tso? 23 Eyata gblɔ na wo be: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Matsi nya siawo tɔgbe nu, eye womagagblɔe le Israel azɔ o, ke boŋ gblɔ na wo bena: ɣeyiɣi la kple ŋutegawo katã ƒe nyawo tu aƒe. 24 Elabena ŋutega dzodzroa ɖeke kple alakpanyagblɔɖi maganɔ Israel ƒe aƒe la me azɔ o. 25 Elabena Yehowa menye, nya, si gblɔm mele la, ava me, eye manɔ anyi eteƒe nadidi o; mi ƒome sẽto, mia ŋɔlie mawɔ nya, si mele gbɔgblɔm la dzi, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe. 26 Eye Yehowa ƒe gbe va nam be: 27 Amevi, kpɔ ɖa, Israel ƒe aƒe la le gbɔgblɔm be: Ŋkeke nanewo ŋue wòle ŋutega kpɔm ɖo, eye gbaɖegbe ŋue wòle nya gblɔm ɖi ɖo. 28 Eyata gblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Nye nyawo katã maganɔ anyi eteƒe nadidi o. Nya, si megblɔ la, ava me, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana