Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Hezekiel 11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Wohe to na Yuda ƒo amegãwo, eye wofa akɔ na aboyo me nɔlawo.

1 Tete gbɔgbɔ la kɔm yi Yehowa ƒe aƒe ƒe ɣedzeƒe-gbo, si ɖo ta ɣedzeƒe gome la nu; kpɔ ɖa, ŋutsu blave vɔ atɔ̃ le agbo la nu, eye mekpɔ Yaazanya, Azur vi, kple Pelatya, Benaya vi, amesiwo nye dukɔ la ƒe amegãwo le wo dome.

2 Eye wògblɔ nam bena: Amevi, ŋutsu siawo nye amesiwo le tame gbegblẽ ɖom, eye wole adaŋu vɔ̃ɖi ɖem le du sia me,

3 woawoe le gbɔgblɔm be: Xɔtutu gbɔ metsɔ o; du la nye kutu, eye míawoe nye lã.

4 Eyata gblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu, amevi, gblɔ nya ɖi!

5 Tete Yehowa ƒe gbɔgbɔ va dzinye, eye wògblɔ nam bena: Gblɔ be: Ale Yehowa gblɔ esi: Israel ƒe aƒe, ale mieƒo nu enye si, eye nusi do tso dzi me na mi la, menyae.

6 Miedzi miaƒe ame kukuwo ɖe dzi le du sia me, eye mietsɔ ame kukuwo yɔ eƒe kpɔdomee taŋ.

7 Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Miaƒe ame kuku, siwo mietsɔ da ɖe dua me la, woawoe nye lã, eye eyamae nye kutu; ke miawo la, woakplɔ mi adzoe le eme.

8 Yi vɔ̃m miele, ke yie mahe va mia dzi, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!

9 Makplɔ mi adzoe le eme, matsɔ mi ade asi na ame tutɔwo, eye madrɔ̃ ʋɔnu mi.

10 Míatsi yi nu, eye madrɔ̃ ʋɔnu mi le Israel ƒe liƒo dzi, ne miadze sii be, nyee nye Yehowa.

11 Dua manye kutu na mi, eye miawo mianye lã anɔ eme o, ke boŋ madrɔ̃ ʋɔnu mi le Israel ƒe liƒo dzi,

12 ne miadze sii be, nyee nye Yehowa; elabena miezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o, eye miewɔ nu ɖe nye sewo nu o, ke boŋ miewɔ nu ɖe dukɔ, siwo ƒo xlã mi godoo la ƒe sewo nu.

13 Eye wòva me, esi mele nya gblɔm ɖi la, kasia Pelatya, Benaya vi la ku; tete matsyɔ mo anyi hedo ɣli sesĩe gblɔ bena: Alele, Aƒetɔ Yehowa, Israel ƒe ame mamleawo nèbe, yeatsrɔ̃a?

14 Tete Yehowa ƒe gbe va nam bena:

15 Amevi, nɔviwòwo, nɔviwò aboyomeawo kple Israel ƒe aƒe blibo la, wonye amesiwo ŋu Yerusalemtɔwo le gbɔgblɔm le be: Woamawo le adzɔge tso Yehowa gbɔ, míawoe wotsɔ anyigba la na, be wòanye mía tɔ.

16 Eyata gblɔ be: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Meɖo mi ɖe dukɔwo dome ʋĩ, eye mekaka mi ɖe anyigbawo dzi, eye menye kɔkɔeƒe na mi vie le anyigba, siwo dzi mieyi.

17 Eyata gblɔ be: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Maƒo mia nu ƒu tso dukɔwo dome, eye maƒo mia nu ƒu tso anyigba, siwo dzi miekaka ɖo la dzi ahatsɔ Israel-nyigba na mi.

18 Woayi afima, eye woaɖe eƒe legbawo katã kple eƒe ŋunyɔnuwo katã ɖa le edzi.

19 Mana dzi bubu wo, eye maɖe gbɔgbɔ yeye wo me, maɖe kpedzi le dɔ me na wo, eye mana lãkusidzi wo,

20 ne woazɔ ɖe nye ɖoɖowo nu, eye woalé nye sewo me ɖe asi ahawɔ wo dzi, woanye dukɔ nam, eye manye Mawu na wo.

21 Ke amesiwo ƒe dzi dze woƒe legbawo kple woƒe ŋunyɔnuwo yome la, mahe woƒe zɔzɔme ava woƒe ta dzi, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!

22 Tete Kerubiawo ƒo aʋala, eye tasiaɖamfɔawo kpe ɖe wo ŋu, eye Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe le wo ta me.

23 Eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe kɔ eɖokui dzi tso dua me heva no to, si le dua ƒe ɣedzeƒe la dzi.

24 Eye gbɔgbɔ la kɔm le ŋutega me ɖada ɖe aboyomeawo gbɔ le Kaldea-nyigba dzi to Mawu ƒe gbɔgbɔ la me, eye ŋutega, si mekpɔ la, dzo le gbɔnye.

25 Eye megblɔ Yehowa ƒe nya, siwo katã wòɖe fiãm la, na aboyomeawo.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan