Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Hezekiel 10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mawu ƒe ŋutikɔkɔe le Kerubiwo dzi.

1 Eye meɖo ŋku anyi, kpɔ ɖa, nane ɖi fiazikpui do ɖe dziŋgɔli, si le Kerubiawo ta me la dzi le dzedzem abe gbloti ene.

2 Eye wògblɔ na ŋutsu, si ta aklala bena: Yi ɖe tasiaɖam, siwo le Kerubiawo gome la domee, eye naku dzo asiʋlo ɖeka le Kerubiawo domee akɔ ɖe dua dzi! Eye wòyi mekpɔ.

3 Kerubiawo le tsitre ɖe xɔ la ƒe ɖusi me gome, esime ŋutsu la yi, eye alilikpo yɔ xɔxɔnu metɔ fũ.

4 Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ho dzo le Kerubiawo dzi yi xɔ la ƒe kpui nu, eye alilikpo yɔ xɔ la taŋ, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ yɔ xɔxɔnu la fũ.

5 Eye wose Kerubiawo ƒe aʋala ƒe ɖiɖi le xɔxɔnu kɔtoetɔ ke abe Mawu ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbe, ne ele nu ƒom ene.

6 Eye esi wòde se na ŋutsu, si ta aklala, gblɔ bena: yi nade dzo le tasiaɖamfɔawo me le Kerubiawo domee la, eyi ɖatsi tre ɖe tasiaɖamfɔ ɖeka xa.

7 Tete Kerubia ɖo asi ɖe Kerubiawo domee heɖe dzo, si le Kerubiawo dome la, de asi na ŋutsu, si ta aklala la, eye wòxɔe hedzo.

8 Nane dze le Kerubiawo ŋu abe amegbetɔ ƒe asi ene le woƒe aʋalawo te.

9 Eye meɖo ŋku anyi, kpo ɖa, tasiaɖamfɔ ene le Kerubiawo xa, tasiaɖamfɔ ɖeka le Kerubi ɖeka xa, eye tasiaɖamfɔ ɖeka le Kerubi bubu xa; tasiaɖamfɔawo le dzedzem abe adzagba ene.

10 Nɔnɔme ɖeka li na wo ame eneawo katã, eye wòle abe ɖe tasiaɖamfɔ ɖeka le bubu me ene.

11 Ne wole yiyim la, wozɔna ɖe woƒe axa eneawo dzi, eye wometrɔna, ne wole azɔli dzi o, elabena afisi ŋgɔgbetɔ ɖo tae la, afima wokplɔnɛ ɖo yina, eye wometrɔna, ne wole azɔli dzi o.

12 Ŋkuwo yɔ woƒe ƒodo blibo la kple woƒe megbe, woƒe asiwo kple woƒe aʋalawo kpakple woƒe tasiaɖamfɔ eneawo katã ŋu godoo va kpe.

13 Woyɔ tasiaɖamfɔawo be „yali“ mese.

14 Mo ene li na wo dometɔ ɖesiaɖe; mo gbãtɔ nye Kerubi ƒe mo, mo evelia nye amegbetɔ ƒe mo, etɔ̃lia nye dzata ƒe mo, eye enelia nye hɔ̃ ƒe mo.

15 Eye Kerubiawo ka wo ɖokui dzi; woawoe nye nu gbagbe, siwo mekpe le Kebar-tɔsisi la nu.

16 Ne Kerubiawo le yiyim la, tasiaɖamfɔawo nɔa zɔzɔm le wo xa, eye ne Kerubiawo ƒo aʋala, be wòakɔ wo ɖokui dzi tso anyigba la, tasiaɖamfɔawo metena ɖa le wo xa o;

17 ne wotɔ la, woawo hã tɔna, eye ne wokɔ wo ɖokui dzi la, woawo hã kɔa wo ɖokui dzi, elabena nu gbagbeawo ƒe gbɔgbɔ le wo me.

18 Eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dzo le xɔ la ƒe kpui nu yi ɖanɔ Kerubiawo ta me.

19 Tete Kerubiawo ƒo aʋala hekɔ wo ɖokui dzi tso anyigba le ŋkunye me; esi woho la, tasiaɖamfɔawo hã kpe ɖe wo ŋu, eye wova tɔ ɖe Yehowa ƒe aƒe ƒe agbo nu le ɣedzeƒe gome, eye Israel ƒe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la le wo ta me.

20 Woawo nye nu gbagbe, siwo mekpɔ le Israel ƒe Mawu la gɔme le Kebar-tɔsisi la nu; azɔ medze sii be, Kerubiwo wonye.

21 Ɖesiaɖe to mo ene, aʋala ene li na ɖesiaɖe, eye nane ɖi amegbetɔ ƒe asi le woƒe aʋalawo te.

22 Woƒe mowo ƒe nɔnɔme enye mo, siwo mekpɔ le Kebar-tɔsisi la nu; wo dome ɖesiaɖe ɖoa ta eŋgɔ tẽ.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan