Hezekiel 1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Aƒetɔ la ƒe ŋutikɔkɔe klẽ ɖe Kerubiwo dzi. 1 Le ƒe blaatɔ̃lia me le dzinu enelia ƒe ŋkeke atɔ̃lia dzi, esime mele aboyomewo dome le Kebar-tɔsisi to la, eva me be, dziƒo nu ʋu, eye mekpɔ Mawu ƒe ŋutega. 2 Le dzinu la ƒe ŋkeke atɔ̃lia dzi la, — eya nye aboyoɖeɖe fia Yoyaxin ƒe atɔ̃ megbe — 3 Yehowa ƒe gbe va na Xezekiel, nunɔla Buzi vi, le Kebar-tɔsisi la nu le Kaldea-nyigba dzi, eye Yehowa ƒe asi va edzi le afima. 4 Meɖo ŋku anyi, eye kpɔ ɖa, ahom tu tso anyiehe, alilikpo gãa ɖe bia kɔtɔɔ, keklẽ ƒo xlã alilikpo gãa ɖe, eye dzobabla kɔtɔɔ le eme; nane le dzedzem le dzo la titina abe sika, si me kɔ keŋkeŋ ene; 5 nu gbagbe ene do tso eme, eye woƒe nɔnɔme enye si: Woɖi amegbetɔ, 6 ɖesiaɖe to mo ene, eye aʋala ene li na wo dometɔ ɖesiaɖe, 7 woƒe atatiwo dze ti, woƒe afɔƒome le abe nyivi tɔ ene, eye wole dzo dam kaŋkaŋ abe ayawa ene. 8 Amegbetɔ ƒe asi li na wo le woƒe aʋalawo te le go eneawo dzi; mowo kple aʋalawo li na wo ame eneawo; 9 woƒe aʋalawo kpe wo nɔewo, eye ne wole azɔli dzi la, wometrɔa kɔ o; wo dometɔ ɖesiaɖe léa eƒe mɔ te. 10 Woƒe mo ɖi amegbetɔ ƒe mo le ŋgɔ, wo ame enea to dzata ƒe mo ɖe ɖusi me, wo ame enea to nyitsu ƒe mo ɖe mia me, eye wo ame enea to hɔ̃ ƒe mo ɖe megbe, 11 esia nye woƒe mowo. Woklẽ woƒe aʋala wo ɖo ta dzi me, ɖesiaɖe tsɔ eve ƒo go nɔvia, eye wotsɔ eve tsyɔ ŋuti. 12 Ne wole yiyim la, wo dome ɖesiaɖe kpɔa eŋgɔ tẽ; afisi gbɔgbɔ la ɖo wo ɖo la, afima woyina, eye ne wole azɔli dzi la, wometrɔa kɔ o. 13 Eye nane le nu gbagbeawo domee le abe dzoka ene hele bibim abe akakati ene, dzo la le faflam le nu gbagbeawo domee, eye eme kɔ keŋkeŋ, eye dzikedzo do tso dzoa me. 14 Eye nu gbagbeawo le du dzi tso afi yi afi abe dzikedzo ene. 15 Esi meɖe ŋku ɖe nu gbagbeawo la, kpɔ ɖa, tasiaɖamfɔ le nu gbagbeawo xa le anyigba le woƒe ŋgɔdze eneawo katã. 16 Tasiaɖamfɔawo ƒe dzedzeme le abe adzagba wotsɔ wɔ wòe ene, eye wo ame eneawo katã ɖi wo nɔewo, woƒe dzedzeme kple woƒe wɔwɔme sɔ abe ɖe tasiaɖamfɔ ɖeka le nɔvia me ene. 17 Wozɔna ɖe woƒe go eneawo me, eye ne wole yiyim la, wometrɔna o. 18 Wo meɖotiwo la, gãnyenye kple ŋɔdzi wonye, eye ŋku le wo ame eneawo katã meɖotiwo ŋu godoo. 19 Ne nu gbagbeawo le azɔli dzi la, tasiaɖamfɔawo nɔa yiyim le wo xa, eye ne nu gbagbeawo kɔ wo ɖokui dzi tso anyigba la, tasiaɖamfɔawo hã kɔa dzi. 20 Afisi gbɔgbɔ la ɖo wo ɖo la, afima woyina, eye tasiaɖamfɔawo kɔa wo ɖokui dzi kpena ɖe wo ŋu; elabena nu gbagbeawo ƒe gbɔgbɔ le tasiaɖamfɔwo me. 21 Ne woɖe zɔ la, tasiaɖamfɔawo hã ɖea zɔ, ne wòtɔ la, wotɔna, eye ne wokɔ wo ɖokui tso anyigba la, woawo hã kɔa wo ɖokui dzi; elabena nu gbagbeawo ƒe gbɔgbɔ le tasiaɖamfɔawo me. 22 Eye nane le nu gbagbeawo ta me abe dziŋgɔli ene hele dzo sim abe kpe ɣi ene, eye wòkeke ɖe wo ta me le dziƒo gome. 23 Woklẽ aʋala eveve ɖatɔ wo nɔewo le dziŋgɔli la te, eye ɖesiaɖe tsɔ eve tsyɔ ŋuti. 24 Eye esi wole yiyim la, mese woƒe aʋalawo me le ɖiɖim abe tɔ gãwo ƒe hoowɔwɔ, abe ŋusẽkatãtɔ ƒe gbeɖeɖe kple aʋakɔwo ƒe ɣlidodo ene, eye ne wòtɔ la, woɖiɖia woƒe aʋalawo ɖe anyi. 25 Eye gbea ɖe ɖi le dziŋgɔli, si le wo ta me la dzi; ne wòtɔ la, woɖiɖia woƒe aʋalawo ɖe anyi. 26 Nane ɖi fiazikpui le dziŋgɔli, si le wo ta me la dzi le abe gbloti ene, eye nɔnɔmea ɖe, si ɖi amegbetɔ lã, bɔbɔ nɔ nusi ɖi fiazikpuia la dzi. 27 Meɖe ŋku ɖe eƒe ali ŋu ɖo ta dziƒo gome, wòle abe sika, si me kɔ keŋkeŋ la ene, eye nane le dzedzem le eme godoo abe dzo ene; eye meɖe ŋku ɖe eƒe ali ŋu ɖo ta anyi me gome, wòle abe dzo ene, eye keklẽ ɖe to ɖee. 28 Keklẽ, si ɖe to ɖee la, le abe alesi anyieʋɔ ɖina ɖe alilikpo ŋu le tsidzadza megbe ene. Esia nye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ƒe nɔnɔme. Eye esi mekpɔe la, metsyɔ mo anyi, eye amea ɖe le nu ƒom mese. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana