Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Hawo ƒe ha 4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Lɔlɔ̃ na xɔlɔ̃.

1 Èdze tugbe, xɔ̃nye, èdze tugbe ŋutɔ. Wò ŋkuwo nye ahɔne ƒe ŋkuwo le moxevɔ la me. Wò ɖa le abe gbɔ̃hawoe tsyɔ akɔ anyi de Gilead-to kɔgo ene.

2 Wò aɖuwo le abe alẽha, si woke tu na tete, eye wodo tso tsileƒe la ene; wo katã wonye venɔwo, eye wo dometɔa ɖeke metsi ko o.

3 Wò nuyiwo le abe ka dzẽ ene, eye wò nu dze ani; wò tonuƒuiwo le dzedzem le moxevɔ me abe yevuboɖa, si me wole ene.

4 Wò ka le abe Dawid ƒe xɔ tsrala, si wotu bena gbetakpɔkpɔ ene Woku akpoxɔnu gagã akpe de eŋu, siwo katã nye kalẽtɔwo ƒe akpoxɔnuwo.

5 Wò nowo le abe sãdevi eve, zi venɔvi, siwo le gbe ɖum le dzogbenyawo me ene.

6 Mayi atike ʋeʋẽe towo kple dzudzɔ ʋeʋẽe donu togbɛwo dzi, hafi anyinu nafa, eye vɔvɔli nu nayi.

7 Xɔ̃nye, nusianu nyo le ŋuwò, dzuƒea ɖeke mele ŋuwò o.

8 Ɖi kplim tso Libanon dzi, ŋugbetɔ, ɖi kplim tso Libanon dzi! Zɔ tso Amana ta me, tso Senir kple Xermon ta me, tso dzatawo nɔƒe kple lãkletowo dzi.

9 Nɔvinyenyɔnu, nye ŋugbetɔ, ègblẽ tame nam, ètsɔ wò nukpɔkpɔ kple kɔsɔkɔsɔ, si le wò kɔdzonuwo me, gblẽ tame nam.

10 Nɔyinyenyɔnu, nye ŋugbetɔ, wò lɔlɔ̃ vivina loo! Wò lɔlɔ̃ nyo wu wein, eye wo ami ƒe ʋeʋẽ ƒo atike ʋeʋẽewo la.

11 Ŋugbetɔ, anyitsi le tsyɔtsyɔm le nuyi ŋu na wò; anyitsi kple notsi le wò aɖe te; wò avɔwo me ƒe ʋeʋẽ le abe Libanon ƒe ʋeʋẽ ene.

12 Nɔvinyenyɔnu, nye ŋugbetɔ enye abɔ, si ƒe ʋɔ wodo, vudo, si nu wotu nu do, kple tsidzɔƒe, si nu wotre.

13 Wò numiemiewo nye yevuboɖabɔ, si me kutsetse nyuiwo, koferseƒoƒo kple gbe ʋeʋẽewo,

14 gbe ʋeʋẽewo kple agumetaku, gbekee, botsyo kple dzudzɔ ʋeʋẽe dogbewo katã, mire kple aloe kpakple atike veviwo katã te.

15 Abɔ me tsidzidzi, tsi gbagbe vudo kple tɔʋu, si si tso Libanon dzi la nènye.

16 Anyieheya, tso, eye dzieheya, va, naƒo ato nye abɔ me, ne eƒe ʋeʋẽ nagbagba di.

17 Nye lɔlɔ̃tɔ va eƒe abɔ me, eye wòɖu eƒe kutsetse nyuiawo.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan