Hawo ƒe ha 3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Lɔlɔ̃tɔwo ƒe anukwareɖiɖi. 1 Meɖi amesi nye luʋɔ lɔna la, le nye aha dzi le zã me, medii nyemekpɔe o. 2 Eyata mafa aɖatsa le dua me le ablɔ me kple kpɔdomewo, ne madi amesi nye luʋɔ lɔ̃na la! Medii, ke nyemekpɔe o. 3 Dzɔla, siwo le tsatsam le dua me la, do gom. „Míekpɔ amesi nye luʋɔ lɔ̃na la oa?“ 4 Nyemekpɔ to wo ŋu yi o, tete mekpɔ amesi nye luʋɔ lɔ̃na la. Melée, eye megbe asiɖeɖe le eŋu, vaseɖe esime mekplɔe va danye ƒe me, va nɔnye ƒe xɔ mee. 5 Yerusalem-nyɔnuviwo, meta sàde alo zinɔ le gbe me na mi: Miganyɔ lɔlɔ̃ o, mígaʋuʋui o, vaseɖe esime wòadze eya ŋutɔ ŋu hafi! Xɔlɔ̃ ƒe atsyɔ̃ɖoɖo. 6 Amekae nye ekem tso gbe me gbɔna abe dzudzɔ babla ene, eye atike ʋeʋẽe, dzudzɔ ʋeʋée donu kple nudzralawo ƒe atike vovovowo le ya ɖem le eŋu? 7 Kpo da, Salomo ƒe apakae! Kalẽtɔ blaade tso Israel ƒe kalẽtɔwo dome ƒo xlãe. 8 Wo katã wobi de aʋawɔwɔ me, eye woƒe asi le yi dzi; amesiame ta yi de aklito le zã me ŋɔdzi la. 9 Fia Salomo na wotso Libanon-ti kpa atiklãe. 10 Ele alɔwo nye klosalo, eye medeƒe nye sika, anyinɔƒe nye aɖabɛ, eye Yerusalem nyɔnuviwo ƒe lɔlɔ̃ do atsiã ne ɖe eme gome. 11 Mi Zion-nyɔnuviwo, mido va, ne míakpɔ fia Salomo le fiakuku, si dadaa ɖɔ nɛ la me le eƒe srɔ̃ɖegbe, le eƒe dzi ƒe dzidzɔkpɔgbe! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana