Hagai 2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Nyagblɔɖi le gbedoxɔ la ƒe ŋutikɔkɔe kple Mesia vaɣi ŋuti 1 Le dzinu adrelia ƒe ŋkeke blave vɔ ɖekɛlia dzi la Yehowa ƒe gbe va to nyagblɔɖila Xagai dzi bena: 2 Gblɔ na Yuda ƒe anyigbanunɔla Zerubabel, Sealtiel vi, kple nunɔlagã Yosua, Yozadak vi, kpakple dukɔ la ƒe susɔea bena: 3 Mia dometɔ susɔea, siwo kpɔ xɔ tsãtɔ ƒe atsyɔ̃ la, aleke miele esia kpɔmi? Esia meɖi naneke le mia ŋku me o ɖe! 4 Eyata Zerubabel, lé dzi ɖe ƒo, Yehowa ye gblɔe! Nunɔlagã Yosua, Yozadak vi, lé dzi ɖe ƒo! Mi dukɔ hahoo la katã, milé dzi ɖe ƒo, eye miwɔ dɔ, Yehowa ye gblɔe! Elabena meli kpli mi, Yehowa Zebaot ye gblɔe, 5 abe alesi meɖo gbe ɖi kpli mi, esime mieʋu tso Egipte la ene; eye nye gbɔgbɔ anɔ mia dome. Migavɔ̃ o! 6 Elabena ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Esusɔ vie ko maʋuʋu dziƒo kple anyigba, atsiaƒu kple ƒuƒuiƒe; 7 maʋuʋu dukɔwo katã, eye woahe dukɔwo katã ƒe nu vevitɔ vɛ, eye matso ŋutikɔkɔe ayɔ xɔ sia taŋ, Yehowa Zebaot ye gblɔe. 8 Tɔnyee nye klosalo, eye tɔnyee nye sika, Yehowa Zebaot ye gblɔe! 9 Xɔ megbetɔ ƒe atsyɔ asu gbɔ wu gbãtɔ tɔ, Yehowa Zebaot ye gblɔe! Eye made ŋutifafa teƒe sia, Yehowa Zebaot ye gblɔe! 10 Le Dario ƒe ƒe evelia me, le dzinu asiekelia ƒe ŋkeke blave vɔ enelia dzi la Yehowa ƒe gbe va to nyagblɔɖila Xagai dzi bena: 11 Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Mibia nunɔlawo, ne woafia nu mi be: 12 Ne ŋutsua ɖe lɔ lã kɔkɔe ɖe avɔ nu; eye avɔ la toga ka abolo alo nuɖaɖa, wein, ami alo nuɖuɖua ɖe ŋu la, ɖe nusiawo ŋu akɔa? Nunɔlawo ɖo ŋu gblɔ bena: Kpao. 13 Eye Xagai gblɔ bena: Ne amea ɖe gblẽ kɔ ɖo na eɖokui ɖe ame kuku ŋu, eye wòka, asi nusiawo katã ŋu la, ɖe woawo hã azu nu makɔmakɔa? Nunɔlawo ɖo ŋu gblɔ bena: Woazu nu makɔmakɔ. 14 Tete Xagai ɖo ŋu gblɔ bena: Yehowa be: Alea dukɔ sia kple anyigba dzi dukɔ sia le; alea woƒe asinudɔwɔwɔwo katã kple vɔ, siwo wosana la le; wo ŋu mekɔ o. 15 Azɔ minyẽ kɔ kpɔ megbe tso egbe dzi, esi womekpɔ tsɔ kpe ɖo kpe dzi le Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu me haɖe o: 16 Ɣemaɣi la wova lu bablakɔa ɖe, si anye nudotree blave la gbɔ, ke wo ame ewo ko wònɔ; wova weinfiãƒe, be woaku goe blaatɔ̃, gake wo ame blave ko wònɔ. 17 Mehe to na mi ɖe miaƒe asinudɔwɔwɔwo katã ŋu, ale be miaƒe bliwo hlɔ̃, eye wodze heteku, eye dzikpewo dza; gake miegbe tɔtrɔ ɖe ŋunye, Yehowa ye gblɔe! 18 Minyẽ kɔ kpɔ megbe tso egbe, dzinu asiekelia ƒe ŋkeke blave vɔ enelia dzi vaseɖe gbesigbe woɖo Yehowa ƒe gbedoxɔ gɔme anyi la dzi; milé ŋku ɖe eŋu: 19 De nukuwo tsi ava mea, eye ɖe wein kple gboti, yevuboɖati kple amiti wogbe tsetsea? Made yayra aƒe tso ŋkeke ma dzi. 20 Eye Yehowa ƒe gbe va na Xagai zi evelia, le dzinu la ƒe ŋkeke blave vɔ enelia dzi bena: 21 Gblɔ na Yuda ƒe anyigbanunɔla Zerubabel bena: Mele dziƒo kple anyigba ʋuʋu ge, 22 mamũ fiaɖuƒewo ƒe fiazikpuiwo aƒu anyi, eye miatsrɔ̃ dukɔwo ƒe fiaɖuƒe sesẽwo, mamũ tasiaɖamwo kple wo me nɔlawo aƒu anyi, sɔwo kple wo dolawo adze anyi, eye amesiame atsi ehavi ƒe yi nu. 23 Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ɣemaɣi la matsɔ wò, nye ɖɔla Zerubabel, Sealtiel vi, awɔ ŋkɔsigee; elabena wòe metia, Yehowa Zebaot ye gblɔe! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana