Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Hagai 1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Tohehe-nyagblɔɖi le ƒomewɔwɔ le gbedoxotutu me ŋuti.

1 Le fia Dario ƒe ƒe evelia me? le dzinu adelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la Yehowa ƒe gbe va na Yuda ƒe anyigbanunɔla Zerubabel, Sealtiel vi, kple nunɔlagã Yosua, Yozadak vi, to nyagblɔɖila Xagai dzi bena:

2 Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Amesiawo le gbɔgblɔm be: Azã meɖo edzi, be woatu Yehowa ƒe xɔ haɖe o.

3 Eye Yehowa ƒe gbe va to nyagblɔɖila Xagai dzi bena:

4 Azã de na miawo ya, be mianɔ xɔ, siwo me wofa ʋuƒo ɖo la me, eye xɔ sia ya nanye glikpo anɔ anyia?

5 Eyata ale. Yehowa Zebaot gblɔ esi: Milé ŋku ɖe miaƒe zɔzɔme ŋu:

6 Mieƒã nu taŋtaŋ, gake nu ʋeea ɖe ko mieŋe; miedu nu, meɖi ƒo na mi o; mieno nu, meɖi kɔ na mi o; mieta avɔ, mede dzo lã me na mi o; miewɔ dɔ xɔ fetu, eye mietsɔe de kotoku ŋɔŋɔ me.

7 Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Milé ŋku ɖe mia ƒe zɔzɔme ŋu!

8 Miyi towo dzi miatsɔ atiwo vɛ, be miatu xɔ lae, ne wòadze ŋunye, eye bubu nanɔ ŋunye, Yehowa ye gblɔe.

9 Miele nu geɖe sinu kpɔm, gake mesɔ gbɔ o; miehe nu va aƒee, ke meɖo ƒuƒu ɖee. Yehowa be: Nuka tae ma? Le esi nye xɔ nye glikpo li, ke miawo mia dome amesiame le duɖime kem le eƒe xɔtutu me la tae!

10 Eyata ɖziƒo te zãmu mi, eye anyigba, te agblemenu mi ɖo;

11 eyata meyɔ kuɖiɖi ɖe anyigba kple towo ŋu, ɖe bli, aha yeye kple ami ŋu, ɖe nusiwo miena tsoa anyigba me la ŋu, ɖe amegbetɔwo kple lãwo kpakple dɔ, siwo katã wotsɔa asi wɔne la ŋu.

12 Tete Zerubabel, Sealtiel vi, kple nunɔlagã Yosua, Yozadak vi, kpakple dukɔ la ƒe susɔeawo katã wose Yehowa, woƒe Mawu ƒe gbe kple nyagblɔɖila Xagai ƒe nya, siwo Yehowa, woƒe Mawu la, de asi nɛ ɖo ɖe wo; eye dukɔ la vɔ̃ Yehowa.

13 Eye Xagai, Yehowa ƒe ame dɔdɔ la, to Yehowa ƒe gbe na dukɔ la bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Meli kpli mi.

14 Tete Yehowa de dzo lã me na Yuda ƒe anyigbanunɔla Zerubabel, Sealtiel vi, kple nunɔlagã Yosua, Yozadak vi, kpakple dukɔ ƒe susɔeawo katã, be wova hewɔ dɔ le Yehowa Zebaot, woƒe Mawu la ƒe xɔ la ŋu,

15 le fia Dario ƒe ƒe evelia me le dzinu adelia ƒe ŋkeke blave vɔ enelia dzi.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan