Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Habakuk 3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nyagblɔla la do gbe ɖa kple mɔkpɔkpɔ.

1 Nyagblɔɖila Xabakuk ƒe gbedodoɖa, ne woadzi ɖe konyifahawo nu.

2 Yehowa, esi mese nya le ŋuwò la, vɔvɔ̃ ɖom! Yehowa, gbɔ agbe wò dɔwɔwɔ le ƒewo ƒe domedomee, ɖee fia Ie ƒewo ƒe domedomee; ɖo ŋku nublanuikpɔkpɔ dzi le dɔmedzoedodo me!

3 Mawu tso Teman, eye kɔkɔetɔ la tso Paran-towo dzi. Sela. Eƒe ŋutikɔkɔe nyẽ tsyɔ dziƒo, eye eƒe kafukafu yɔ anyigba dzi taŋ.

4 Keklẽ ɖo abe ɣe tɔ ene, keklẽ le eƒe axa dzi, eya mee eƒe ŋusẽ be ɖo.

5 Dɔvɔ̃ dze eŋgɔ, eye dzoxɔxɔ kplɔe ɖo.

6 Etɔ, eye anyigba ʋuʋu; eɖo ŋku anyi kpɔ nu, eye dzidzi ƒo dukɔwo, blema towo fe kpla, gbaɖegbe togbɛwo ŋe dze eme, eye wòzɔ blema mɔwo dzi.

7 Mekpɔ Kusan ƒe agbadɔ wòle hlã me, agbadɔvɔwo le dzodzom nyanyanya le Midian-nyigba dzi.

8 Yehowa, tɔsisiwo ŋue dzi le kuwòm ɖoa, tɔsisiwo ŋue nèle dɔmedzoe dom ɖo loo, alo atsiaƒu ŋue dzi le kuwòm ɖo, be nèdo wò sɔwo, eye neɖo wò tasiaɖamwoa?

9 Wò dati ɖi ƒeƒle, eye aŋutrɔwo yɔ wò daku fũ. Sela. Emã tɔsisiwo me wòzu anyigba ƒuƒui.

10 Towo kpɔ wò, eye wodzo kpekpekpe, eye tɔwo gbagba ɖe anyi bababa; agumetsiwo na wose wo ŋkɔ, eye wodo alo ɖe dzi.

11 Ɣe kple ɣleti tɔ ɖe wo teƒe, bene wò aŋutrɔ, siwo le yiyim la, nanye kekeli, eyewò akplɔ, siwo le dzo kem la, nanye keklẽ.

12 Eto anyigba dzi le dziku me, eye nè fanya dukɔwo ledɔmedzoe me.

13 Eho, be naxɔ na wò dukɔ, naxɔ na wò amesiamina la; egbã ta le ame vɔ̃ɖi ƒe aƒe nu, eye wòɖi ƒeƒle tso afɔ gɔme vaseɖe kɔ gbɔ. Sela.

14 Etsɔ eƒe akplɔ ƒo ɖe ta na eƒe amegãwo, wonyẽ zi va, be woakam ahlẽ; wole aseye tsom abe ɖe wohe, yewoaɖu ame dahe le bebe me ene.

15 Etsɔ wò sɔwo to atsiaƒu kple tɔ gã nyanyrãwo dzi.

16 Mesee, eye nye dɔme ʋuʋu, nye nuyiwo le ƒoƒom kokóko, eye ŋuɖui ɖo ƒuwo me nam; ne metsi tre ɖi la, menɔa dzodzom nyanyanya, elabena mele anyi nɔ ge kpoo akpɔ hiãɣi, si le dukɔ, si xaxa mí ɖo la dzi va ge.

17 Gboti magaƒo se o, eye weinka matse o; amiti agbe aminana, eye agblewo mana, nuɖuɖu o; woatsrɔ̃ alẽwo le lãkpɔwo me, eye nyiwo maganɔ lãxɔwo me o.

18 Ke nyea matso aseye, eye makpɔ dzidzɔ ɖe Mawu, nye xɔnametɔ la ŋu.

19 Aƒetɔ Yehowa enye nye ŋusẽ, awɔ nye afa abe zinɔ tɔ ene, eye wòana mazɔ: kɔkɔƒewo. Na kasaŋkuwo ƒe henɔ.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan