Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Habakuk 1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Yuda ƒe nuvɔ̃.

1 Nya, si nyagblɔɖila Xabakuk kpɔ enye si:

2 Yehowa, ɣekaɣi mana yɔwòm sesĩe, eye nagbe esese ase ɖo? Mado ɣli na wò le ŋutasesẽ ta, ke màxɔ na ame o?

3 Nukaŋuti nèna mele nu vlo wɔwɔ teƒe kpɔm, eye nèle hiãkame kpɔm kple ŋku, gbegblẽ kple ŋutasesẽ le ŋkunye me, avuwɔwɔ li, eye dzre dzɔ?

4 Eyata se la ŋutl nufiafia me gbɔdzɔ, eye nuteƒewɔwɔ megadona ɖe gota o. Elabena ame vɔ̃ɖi ɖe to ɖe ame dzɔdzɔe, eyata nuteƒewɔwɔ trɔ tagbo hafi do.

5 Miɖe ŋku de dukɔwo dome, mikpɔ nu, eye miaƒe nu neku! Elabena mele nane wɔ ge le mia ŋɔli, eye ne wotoe na mi la, miele exɔ ge ase o.

6 Kpɔ ɖa, manyɔ Kaldeatɔwo, dukɔ nyanyrã, si ƒe afɔ tsɔna; woatu anyigba ƒe ke-keme, ne woaxɔ nɔƒe, siwo menye wo tɔ o la.

7 Ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ anɔ eŋu, ade se, eye wòaɖu gã ɖe eya ŋutɔ ƒe akɔta.

8 Eƒe sɔ wo ɖi ɖu wu lãkle, eye woƒe afɔ, wo tsɔ wu famegãxi le zã me, eƒe sɔdolawo le zi nyẽm, didiƒe ke eƒe sɔdolawo tso, eye wole dzodzom abe hɔ̃, si le abla ɖem ɖe nuɖuɖu ŋu la ene.

9 Wo katã wova ɖe ŋutasesẽ ŋu, wotso woƒe ŋkume tu ŋgɔ tẽ, eye weƒo aboyo mewo nu ƒu abe ke ene

10 Woaɖe alɔme le fiawo ŋu, eye woaku amegãwo, mɔ̃ sesẽwo anye fefenu na wo, eye woatsɔ anyi aƒu kpoe ahaxɔ wo.

11 Emegbe aho adzo abe ahom ene, eye enu ayi; ke amesi tsɔ eƒe ŋusẽ wɔ mawui la: to vo ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋu.

12 Yehowa, nye Mawu, nye kɔkɔetɔ, ɖe menye wòe li tso blema ke oa? Míele kuku ge o. Yehowa, wòe ɖoe na ʋɔnudɔdrɔ̃, wò agakpe, wòe ɖoe na tohehe.

13 Wò amesi ƒe ŋkuwo dza, be màte ŋu akpɔ nu yɔ̃ɖi wɔwɔ o, eye màte ŋu alé ŋku ɖe hiãkame ŋu o, nu kaŋuti nèle ame tovo kpɔm kpleŋku, eye nèzi kpi, ne ame vɔ̃ɖi mi amesi nye ame dzɔdzɔe wui la?

14 Ewɔ amegbetɔ abe ƒumelã ene, abe nutata, siwo nu aƒetɔa ɖeke mele o la ene.

15 Etsɔ ƒu he wo katã ɖe go, eɖe wo kple eƒe ɖɔ, eye wòlɔ wo trɔ ɖe eƒe aguɖɔe me. Eyata wòle dzidze kpɔm le aseye tsom ɖo.

16 Eyata wòsavɔ na eƒe ɖɔ, eye wòɖo dzudzɔ na eƒe aguɖɔe; elabena woawoe na eƒe gome ɖa ami, eye eƒe nuɖuɖu sɔ gbɔ fũ.

17 Ɖe wòanɔ eƒe ɖɔ kam, eye wòanɔ dukɔwo wuwu dzi ɖaa nublanui makpɔmakpɔea?

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan