Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Galatiatɔwo 2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Paulo ƒo nu Kple apostolo bubuawo le dɔwɔwɔ le trɔ̃subɔlawo dome ŋuti.

1 Emegbe la, anɔ ƒe wuiene, megayi Yerusalem, mia kple Barnaba, eye metso Tito hã kpe ɖe mía ŋu.

2 Ke meyi le nyaɖeɖefiaa ɖe nu, eye metsɔ nyanyuie, si meɖea gbe ƒã le trɔ̃subɔlawo dome la, ɖo wo ŋku me, ke vevietɔ amesiwo wohuna be, wonye nane la ŋku me, bena nyemele du sim dzodzro alo mesi du dzodzro o.

3 Ke Tito, si li kplim gɔ̃ hã la, Helatɔ wònye hafi; gake womezi edzi bene, wòana woatso aʋa nɛ o.

4 Ke wowɔe le aʋatsonɔvia ɖewo, siwo be va tra ɖe eme, bene woatsa ŋku miaƒe ablɔɖenyenye, si le mía si le Kristo Yesu me la me, bene yewoawɔ mí kluviwo ƒã la ŋuti,

5 amesiwo miena mɔ ɖo to wo gaƒoƒo ɖeka hɔ̃ o, bene nyanyuie la ƒe nyateƒe nanɔ te la mia gbɔ ɖaasi.

6 Ke amesiwo wobuna bena, wonye nane la — ameka ke wonye o, nyemetsɔ ɖeke le eme o; Mawu mekpɔa ame ŋku me o — elabena nye la amesiwo wobuna be, wonye nane la, womegblɔ nyaa ɖeke fiam o;

7 ke boŋ la esi wokpɔ bena, wotsɔ nyanyuie de asi nam na aʋamatsomatsotɔwo, abe alesi wotsɔe de asi na Petro hena aʋatsotsotɔwo ene la —

8 elabena amesi wɔ dɔ ŋusẽtɔe na Petro le aʋatsotso ƒe apostolonyenye me la, eya kee wɔ dɔ ŋusẽtɔe na nye hã le trɔ̃subɔlawo dome —

9 eye esi wodze si amenuveve, si wotsɔ nam la, tete Yakobo kple Kefa kpakple Yohanes, amesiwo wobuna bena, wonye sɔtiwo la, wona habɔbɔ ƒe asi mía kple Barnaba, bene míawo míayi trɔ̃subɔlawo gbɔ, ke woawo woayi aʋatsotsotɔwo gbɔ;

10 negbe ɖeko bena miaƒe ŋkuwo nanɔ ame dahewo dzi; nusi kekeake nye hã medoa vevie wɔna.


Paulo tsi tre ɖe Petro ŋu, eye wòli ke sesĩe ɖe afiatsotsoname to xɔse me dzi.

11 Ke esi Petro va Antioxia la, metsi tre ɖe eŋu le eya ŋutɔ ŋku me; elabena wotso enu.

12 Elabena hafi amea ɖewo tso Yakobo gbɔ va la, eya kple trɔ̃subɔlawo dua nu; ke esi wova la, èhe eɖokui ɖe megbe, eye wòɖe eɖokui ɖa, elabena evɔ amesiwo tso aʋatsotsoa me la.

13 Eye Yudatɔ susɔeawo hã da alakpa kpakplii, ale gbegbe bena, wohe Barnaba hã ɖe woƒe alakpadada la me.

14 Ke esime mekpe bena, womele zɔzɔm dzɔdzɔe le nyanyuie la ƒe nyateƒe la nu o lã, megblɔ na Petro le wo katã ŋku me bena: Ne wò amesi nye Yudatɔ la, nènɔ agbe abe trɔ̃subɔla ene, eye menye abe Yudatɔ ene o la, aleke wo nèzi trɔ̃subɔlawo dzi, bena woanɔ agbe abe Yudatɔwo ene mahã?

15 Míawo la Yudatɔwo míenye tso dzɔdzɔme, eye míenye nuvɔ̃wɔlawo tso trɔ̃subɔlawo dome o;

16 ke esi míenyae bena, wometsoa afia na ame tso se la ƒe dɔwɔwɔwo me o, ke boŋ to Yesu Kristo dzixɔxɔse me ɖeɖeko ŋuti la, eyata míawo hã míexa Yesu Kristo dzi se, bene woatso afia na mí to Kristo dzixɔxɔse me, eye menye tso se la ƒe dɔwɔwɔwo me o; elabena wometsoa afia na ŋutilãa ɖeke tso se la ƒe dɔwɔwɔwo me o.

17 Ke ne wokpɔ mí amesiwo le didim bena, woatso afia na mí le Kristo me la, bena mía ŋutɔwo hã nuvɔ̃wɔlawo míenye la, ekema Kristo le nuvɔ̃ ƒe subɔla nyem! Gbeɖe!

18 Elabena ne megatu nusiwo memu la, ekema mèfia ɖokuinye vodala.

19 Ke nye la meto se la me ku na se la, bene manɔ agbe na Mawu. Mía kple Kristo woklã ɖe atitsoga ŋu.

20 Mele agbe, gake meganye nyee le agbe o, ke boŋ Kristo ye le agbe le menye; ke nusi ƒe agbe mele le ŋutilã me azɔ la, mele agbe le Mawuvi, si lɔ̃m, eye wòtsɔ ye ŋutɔ ɖokui na ɖe tanye la, ƒe dzixɔxɔse me.

21 Nyemedoa vlo Mawu ƒe amenuveve la o; elabena ne dzɔdzɔenyenye to se la me va la, ekema Kristo ku dzodzro.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan