Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Filemon 1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Paulo ƒe nyaxɔxɔ ɖe Onesimo, amesi si le Filemon gbɔ, eye wòtrɔ dzi me azɔ la nu.

1 Paulo, Kristo Yesu ƒe gatɔ, kple nɔvi Timoteo woŋlɔ ɖo ɖe Filemon, mía lɔlɔ̃tɔ kple hadɔwɔla,

2 kple Apia, mia nɔvinyɔnu, kple Arxipo, mía hadɔwɔla, kpakple hame, si le aƒewò me:

3 Amenuveve kple ŋutifafa, si tso Mawu, mía Fofo, kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la, woana mi!

4 Meda akpe na Mawunye ɖaasi, ne meɖoa ŋku dziwò le nye gbedodoɖawo me,

5 esi mesena le wò lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ, si le asiwò hena Aƒetɔ Yesu kple ame kɔkɔewo katã la ŋuti,

6 bene wò nuteƒewɔwɔ ƒe hadede nasẽ ŋu hena Kristo Yesu to nu nyui sia nu nyui, si le mía me la sidzedze me?

7 Elabena, nɔvi, miekpɔ dzidzɔ geɖe kple akɔfafa le wò lɔlɔ̃ la ŋuti, le esi ame kɔkɔewo ƒe dziwo kpɔ gbɔɖeme to dziwò la ta.

8 Eyata wònye dzideƒo geɖe le asinye le Kristo me be, made se na wò le nusi dze la ŋuti hafi, gake le lɔlɔ̃ ta la mele nu xlɔ̃m wò boŋ.

9 Esi menye amesia tɔgbe la, nye Paulo tsitsi, si nye Kristo Yesu ƒe gatɔ hã azɔ la,

10 mele kuku dem na wò de vinye Onesimo, si medzi le nye bablawo me la ta,

11 amesi menye viɖea ɖeke na wò tsã o; ke azɔ la enye viɖe nyui na wò kple nye hã;

12 amesi megbugbɔ le ɖoɖom ɖe wò la. Wò la xɔ eyama, eyae nye nye ŋutɔ nye dzi,

13 amesi medi be, wòanɔ gbɔnye, bena wòasubɔm de tewòƒe le nyanyuie ƒe bablawo me hafi;

14 gake esi nyemenya wò lɔlɔ̃nu o la, nyemedi be, mawɔ naneke o, bena wò nyuiwɔwɔ la nagato dzizizi me o, ke boŋ wòato lɔlɔ̃nu faa me.

15 Elabena ɖewohĩ esia ŋuti wòdzo le gbɔwò ɣeyiɣi kpuia ɖe, bena wòanɔ gbɔwò tegbetegbe;

16 megale abe kluvi ene o, ke boŋ wu kluvi la, ele abe nɔvi lɔlɔ̃ ene, vevietɔ na nye, ke aleke geɖe wu wònyee na wò le ŋutilã me kple Aƒetɔ la me siaa?

17 Ke azɔ la, ne èbum wò hadela la, xɔe abe nye ŋutɔ ene.

18 Ke ne ewo vɔ̃a ɖe ɖe ŋuwò, alo wònyi fea ɖe le asiwò la, bui nam.

19 Nye Paulo ŋutɔe tsɔ nye asi ŋlɔe, maxe fea; nyemelɔ̃ be, magblɔ na wò bena, wò ŋutɔ ɖokuiwò gɔ̃ hã ƒe fe nènyi le asinye o.

20 Ẽ, nɔvi, na nye la makpɔ viɖe tso gbɔwò le Aƒetɔ la me; na nye dzi nagbɔ ɖe eme le Kristo me!

21 Esi meɖo dzi ɖe wò toɖoɖo ŋu ŋuti la, mèŋlɔe na wò; elabena menyae bena, awɔe woagbã dzi wu alesi megblɔ na wò.

22 Ke dzra dzeƒe ɖo ɖi na nye hã; elabena mele mɔ kpɔm bena, to miaƒe gbedodoɖawo me la woatsɔm ake mi.

23 Epafra, hanyegatɔ le Kristo Yesu me,

24 kple Marko kple Aristarxo kple Dema kpakple Luka, hanyedɔwɔlawo, ɖuɖɔ mi ƒã.

25 Mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kple miaƒe gbɔgbɔ la!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan