Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Ester 9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Yudatɔwo bia hlɔ̃ woƒe futɔwo.

1 Le dzinu wuievelia, si nye dzinu Adar la ƒe ŋkeke wutetɔ̃lia, si dzi woawɔ fia ƒe nya kple eƒe sea dzi la dzi, gbesigbe Yudatɔwo ƒe futɔwo le mɔ kpɔm be, yewoakpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi la, nya la trɔ be, Yudatɔwo kpɔ ŋusẽ ɖe woƒe ketɔwo dzi.

2 Tete Yudatɔwo ƒo wo dokui nu ƒu ɖe woƒe duwo me le fia Axasweros ƒe anyigbawo katã dzi, be yewoawu amesiwo katã di yewoƒe dzɔgbevɔ̃e la. Amea ɖeke menɔ te ɖe wo nu o, elabena woƒe ŋɔdzi lé dukɔwo katã.

3 Anyigbawo ƒe tatɔwo katã, amegãwo kple anyigba dzikpɔlawo kpakple fia ƒe dziɖulawo xɔ na Yudatɔwo, elabena Mardoxai ƒe ŋɔdzi le wo

4 Elabena Mardoxai zu gã le na ƒe me, eye eƒe ŋkɔ de anyigbawo katã dzi; elabena ŋutsu Mardoxai le gã zum ɖe dzi ɖaa.

5 Eye Yudatɔwo tsɔ yi dza woƒe futɔwo katã, wowu wo, eye wotsrɔ̃ wo, eye wowɔ woƒe ketɔwo alesi dze wo ŋu.

6 Yudatɔwo wu ŋutsu alafa atɔ̃ le Susa-mɔ̃ me, eye wotsrɔ̃ wo.

7 Wowu Parsandata, Dalfon, Aspata,

8 Porata, Adalya, Aridata,

9 Parmasta, Arisai, Aridai kple Waisata,

10 amesiwo nye Hamedata vi Haman, Yudatɔwo, ƒe ketɔ ƒe ŋutsuvi ewoawo; ke womede asi aboyonuwo ŋu o.

11 Gbemagbe wohe amesiwo wowu la ƒe xexlẽme va fia la ŋku me le Susa-mɔ̃ me,

12 Tete fia la gblɔ na fiasrɔ̃ Ester bena, Ne Yudatɔwo wu ŋutsu alafa atɔ̃ le Susa-mɔ̃ me, eye wotsrɔ̃ wo hekpe ɖe Haman vi ewoawo ŋu la, aleke womahawɔ le fia ƒe anyigba mamleawo dzi oa? Azɔ nuka biam nele? Woana wò. Eye nuka dim nègale? Woawɔ edzi.

13 Ester ɖo ŋu bena: Ne edze fia ŋu la, ekema woaɖe mɔ na Yudatɔ, siwo le Susa etsɔ hã, ne woawɔ ɖe egbe ƒe se la nu, eye woahe Haman vi ewoawo ɖe ati ŋu.

14 Tete fia la gblɔ be, woawɔ nenema. Wode se le Susa, eye wohe Haman vi ewoawo ɖe ati ŋu

15 Eye Yudatɔ, siwo le Susa la, ƒo wo ɖokui nu ƒu le dzinu Adar ƒe ŋkeke wuienelia hã dzi, eye wowu ŋutsu alafa etɔ̃ le Susa; ke womede asi aboyonuawo ŋu o.

16 Yudatɔ mamlea, siwo le fia ƒe anyigbawo dzi, ƒo wo ɖokui nu ƒu heʋli woƒe agbe ta, ale be wokpɔ gbɔdzɔe tso woƒe futɔwo si me, eye wowu ame akpe blaadre vɔ atɔ̃ le woƒe ketɔwo dome, ke womede asi aboyonuawo ŋu o.

17 Esia va me le dzinu Adar ƒe ŋkeke wuietɔ̃lia dzi, eye wogbɔ ɖe eme le eƒe ŋkeke wuienelia; si wotsɔ wo aglotugbe kple dzidzɔkpɔgbe la dzi.

18 Ke Yudatɔ, siwo le Susa la, ƒo wo ɖokui nu ƒu le ŋkeke wuietɔ̃lia kple wuienelia dzi, eye wogbɔ ɖe eme le ŋkeke wuiatɔ̃lia, si wotso wo aglotugbe kple dzidzɔkpɔgbe la dzi.

19 Eyata Yudatɔ, siwo le kɔƒewo kple du nuvowo me la, tso dzinu Adar ƒe ŋkeke wuienelia wo dzidzɔkpɔgbe, aglotugbe kple ŋkekenyuie, si dzi woɖoa nuɖuɖu ɖe wo nɔewo le.


Yudatɔwo ɖo ŋkekenyuie ɖe anyi hena ŋkuɖoɖo woƒe ɖeɖe dzi.

20 Mardoxai ŋlɔ nya siawo ɖi, eye wòɖo agbalẽ ɖe Yudatɔ, siwo katã le kpuiƒe kple didiƒe le fia Axasweros ƒe anyigbawo katã dzi la

21 hele ɖoɖom na wo be, woaɖu dzinu Adar ƒe ŋkeke wuienelia kple wuiatɔ̃lia ɖaa ƒe sia ƒe,

22 abe ŋkeke, siwo dzi Yudatɔwo kpɔ gbɔdzɔe tso woƒe futɔwo si me, kple dzinu, si dzi woƒe vevewo trɔ zu dzidzɔ, eye nuxaxa trɔ zu ŋkekenyuie ene; ne woatsɔ wo awɔ aglotugbe kple dzidzɔkpɔgbewoe, esiwo dzi woaɖo nuɖuɖu ɖe wo nɔewo, eye woana nu ame dahewo le.

23 Eye Yudatɔwo tsɔ nusi wɔwɔ gɔme wodze kple nusi Mardoxai ŋlɔ na wo la, wo kɔnui.

24 Elabena Hamedata vi Haman, Agagitɔ la, si nye Yudatɔwo katã ƒe ketɔ ɖo ɖe ta me be, yeatsrɔ̃ wo, eye wòda pur, si nye nudzidzenu la, ne yeade ʋunyaʋunya wo me, eye yeatsrɔ̃ wo.

25 Ke esi Ester va fia la ŋku me la, ede se woŋlɔ agbalẽ, be eƒe tame vɔ̃, si wòɖo de Yudatɔwo ŋu la, natrɔ va eya ŋutɔ ƒe ta dzi, eye wohe eya kple viawo de ati ŋu.

26 Eyata wona ŋkɔ ŋkeke siawo be Purim le pur ƒe ŋkɔ nu. Le agbalẽ sia me nyawo katã kple nusi teƒe wokpɔ, kpakple nusi dzɔ ɖe wo dzi la nu,

27 Yudatɔwo ɖoe, eye wotsɔe wɔ kɔnu na woawo ŋutɔ kple woƒe dzidzimeviwo kpakple amesiwo katã aku ɖe wo ŋu la be, woaɖu ŋkeke eve siawo le agbalẽ, si woŋlɔ na wo, kple ŋkeke ɖoɖo la nu, eye womada edzi o;

28 ŋku madzo le ŋkeke sia dzi o, eye woaɖui le dzidzimewo katã kple ƒomewo katã me le anyigbawo katã dzi kple duwo katã me; Purim-ŋkeke siawo nu matso le Yudatɔwo dome o, eye woƒe dzidzimeviwo ƒe ŋku madzo le edzi o.

29 Eye fiasrɔ̃ Ester, Abixayil ƒe nyɔnuvi, kple Yudatɔ Mardoxai woŋlɔ agbalẽ zi evelia le Purim ŋuti heté gbe ɖe dzi be, woaɖo kpe eɖzi wòanye kɔnu.

30 Woɖo agbalẽ, si me xɔlɔ̃nyawo kple nyateƒenyawo le la, ɖe Yudatɔwo katã le Axasweros ƒe fiaɖuƒe ƒe anyigba alafa ɖeka kple blave vɔ adreawo dzi,

31 be woaɖo kpe Purim-ŋkekeawo dzi ɖe woƒe ɣeyiɣi dzi, abe alesi Yudatɔ Mardoxai kple fiasrɔ̃ Ester woɖo na wo, kpakple alesi woawo ŋutɔ woɖo nutsitsiɖɔ kple konyifafa na woawo kple woƒe dzidzimeviwo ene.

32 Ester ƒe se la ɖo kpe Purim ƒe ɖoɖowo dzi, eye woŋlɔe ɖe agbalẽ me.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan