Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Ester 8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mardoxai dodo ɖe dzi.

1 Gbemagbe fia Axasweros tso Yudatɔwo ƒe ketɔ Haman ƒe aƒe na fiasrɔ̃ Ester. Eye Mardoxai va fia la ŋku me, elabena Ester gblɔ amesi wònye la nɛ.

2 Eye fia la ɖe eƒe ŋkɔsigɛ, si wòxɔ le Haman si la, na Mardoxai. Eye Ester tsɔ Mardoxai ɖo Haman ƒe aƒe nu.

3 Ester gaƒo nu le fia la ŋku me, ede ta agu ɖe eƒe afɔ nu, eye wòfa avi heƒo koko nɛ be, wòagblẽ Agagitɔ Haman ƒe dzɔgbevɔ̃e kple eƒe ta me, si wòɖo ɖe Yudatɔwo ŋu la me.

4 Tete fia la tsɔ, sikafiatikplɔ la do ɖe Ester, eye Ester fɔ hetsi tre ɖe fia la ŋku me

5 gblɔ bena: Ne edze fia la ŋu, eye wòve nunye, ne nya sia nyo fia ŋu, eye nye nu nyo fia ŋu la, ekema nena woaŋlɔ agbalẽ, ne woagblẽ agbalẽ, si Hamedata vi Haman, Agagitɔ, ŋlɔ heɖo ta me be, yeatsrɔ̃ Yudatɔwo le fia ƒe anyigbawo katã dzi la me.

6 Elabena aleke mate ŋu, akpɔ dzɔgbevɔ̃e, si ava nye dukɔ dzi la kple ŋku, eye aleke mate ŋu akpɔ, alesi wole nye ƒɔmetɔwo tsrɔ̃mi la kple ŋku?

7 Tete fia Axasweros gblɔ na fiasrɔ̃ Ester kple Yudatɔ Mardoxai bena: Kpɔ ɖa, metsɔ Haman ƒe aƒe na Ester, eye wohe eya ŋutɔ ɖe ati ŋu, le esi wòɖo eƒe asi dzi ɖe Yudatɔwo ŋu la ta.

8 Ke miawo miŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Yudatɔwo le fia ƒe ŋkɔ me, alesi dze mia ŋu, eye mitsɔ fia ƒe ŋkɔsigɛ ɖo ŋkɔ ete; elabena agbalẽ, si woŋlɔ le fia ƒe ŋkɔ me, eye wotsɔ fia ƒe ŋkɔsigɛ ɖo ŋkɔ ete la, womate ŋu atrɔe o.

9 Tete woyɔ fia ƒe agbalẽŋlɔlawo ɣemaɣi le dzinu etɔ̃lia, si nye dzinu Siwan la ƒe ŋkeke blave vɔ etɔ̃lia dzi, eye woŋlɔ agbalẽ la, abe alesi Mardoxai de se pɛpɛpɛ ene, le anyigba sia anyigba ƒe nuŋɔŋlɔ nu, ɖe dukɔ sia dukɔ: ƒe gbegbɔgblɔ, me, le Yudatɔwo ƒe nuŋɔŋlɔ nu, ɖe woƒe gbegbɔgblɔ me, ɖo ɖe Yudatɔwo kple amegãwo, anyigba dzikpɔlawo kple anyigbawo ƒe tatɔwo tso India vaseɖe Kus, wole anyigba alafa ɖeka kple blave vɔ adre

10 Woŋlɔ agbalẽ la le fia Axasweros ƒe ŋkɔ me, eye wotsɔ fia ƒe ŋkɔsigɛ ɖo ŋkɔ ete, eye wòde agbalẽawo duxɔlawo, siwo nye sɔɖolawo, eye wodo fia ƒe sɔ ɖiduwo la, si ɖo ɖa

11 be: Fia la ɖe mɔ na Yudatɔ, siwo le du sia du me be, woaƒo ƒu aʋli woƒe agbe ta, eye woatsrɔ̃: dukɔ kple anyigbawo ƒe aʋakɔ, siwo xaxa wo ɖo la, woawu wo, eye woagblẽ wo dome, vidzĩewo kple nyɔnuwo siaa, eye woaha woƒe nuwo

12 le ŋkeke ɖeka dzi le fia Axasweros ƒe anyigbawo katã dzi le dzinu wuievelia, si nye dzinu Adar ƒe ŋkeke wuietɔ̃lia dzi.

13 Agbalẽ la me nya enye si: Woade se le anyigba vovovoawo dzi, eye woana dukɔwo katã nanyae be: Yudatɔwo nadzra ɖo ɖi le ŋkeke sia dzi, eye woabia hlɔ̃ woƒe futɔwo.

14 Tete duxɔlawo wɔ kaba do fia ƒe sɔ ɖiduwo, eye woyi enumake le fia ƒe nya la nu. Eye wode se la le Susa-mɔ̃ me.

15 Eye Mardoxai le fiawu, si nye aɖabɛ blɔtɔ kple aklala me, eɖo sikafiakuku gãa ɖe, eye wòle awu ʋlaya, si nye aklala kple aɖabɛ dzĩto me hedo le fia la gbɔ; eye Susa-du la tso aseye hekpɔ dzidzɔ.

16 Eye wònye dzɔgbenyuie, dzidzɔ, aseyetsotso kple bubu na: Yudatɔwo.

17 Yudatɔwo kpɔ dzidzɔ, wotso aseye, wotu aglo, eye woɖu ŋkekenyuie le anyigbawo katã dzi kple du, siwo katã, me, fia ƒe nya kple eƒe se la de; eye anyigba dzi dukɔwo dometɔ geɖewo trɔ zu Yudatɔwo, elabena Yudatɔwo ƒe ŋɔdzi lé wo.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan