Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Ester 7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Wohe Haman ɖe ati, si wòtu na Mardoxai ŋuti.

1 Tete fia la kple Haman wova kplɔ̃ ŋu le fiasrɔ̃ Ester gbɔ.

2 Eye esi wole wein nom la, fia la gabia Ester le ŋkeke evelia dzi be: Fiasrɔ̃ Ester, nuka biam nèle? Woana wò Eye nuka dim nèle? Nenye fiaɖuƒe ƒe afã gɔ̃e hã la, woawɔ edzi na wo!

3 Fiasrɔ̃ Ester ɖo ŋu gblɔ bena: Fia, ne eve nunye, eye ne edze fia ŋu la, ekema woatsɔ nye agbe kem le nye biabia nu, eye woatsɔ nye dukɔ nam le nye didi nu!

4 Elabena wotsɔ mía kple nye dukɔ dzra, be woatsrɔ̃ mí, woawu mí, eye woagblẽ mía dome. Ɖe wònye ɖe wotsɔ mí dzra míenye kluviwo kple kosiviwo la, anye ne mezi kpi, elabena anye ne ketɔ la mana gbegblẽ nava fia dzi o.

5 Tete fia, Axasweros xɔ dzi gblɔ na fiasrɔ̃ Ester bena: Amekae nye amesi ɖo nusia ɖe ta me be, yeawɔ, eye afika eyama le?

6 Ester ɖo ŋu bena: Ketɔ kple futɔ lae nye Haman vɔ̃ɖi sia! Tete Haman ɖi vo le fia kple fiasrɔ̃ ŋku me.

7 Ke fia la tsɔ dziku tsi tre le wein la gbɔ heyi fiasã ƒe abɔ me; eye Haman tsi afima, be yeabia eƒe agbe tso fiasrɔ̃ Ester si, elabena ekpɔ be, fia la ɖo dzɔgbevɔ̃e ɖe ye ŋu kplikpaa.

8 Eye esi fia la trɔ tso fiasã ƒe abɔ me va xɔ, si me wono, wein le me la, kpɔ ɖa, Haman tsra ɖe kuntrunu, si dzi Ester nɔ anyi ɖo la dzi, fia la gblɔ be: Fiasrɔ̃ hãe wòbe, yealé sesẽ le aƒe me le gbɔnyea? Esi nya sia nya do le fia nu ko la, wotsyɔ nu mo na Haman xoxo.

9 Eye Xarbona, amesi nye aƒe ɖzikpɔlawo dometɔ ɖeka la, gblɔ le fia ŋku me bena: Kpɔ ɖa, Haman tu atia ɖe ɖe Mardoxai ŋu, evɔ wònye eƒo nu nyuie le fia ŋuti hafi; ele Haman-ƒe me, eye wòkɔ abɔklugui blaatɔ̃! Tete fia la gblɔ be: Mihee ɖe eŋu!

10 Eye wohe Haman ɖe ati, si wotu ɖe Mardoxai ŋu la ŋuti Azɔ fia ƒe dziku la nu fa.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan