Ester 6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Ele na Haman be, wòabu Mardoxai le fia ƒe ŋkɔ me. 1 Le zã ma me la fia la tsi zãdomadɔlɔ̃e, eye wògblɔ be, woatsɔ ŋkuɖoɖo nyadzɔdzɔwo dzi ƒe agbalẽ vɛ, eye woxlẽe na fia la 2 Tete wokpɔ woŋlɔ ɖi be Mardoxai ɖe fia ƒe aƒe dzikpɔla eveawo Bigtana kple Zeres, amesiwo tso agbonudzɔlawo dome la gɔme ɖe go be, wodi be, yewoawu fia Axasweros. 3 Tete fia la bia bena: Nuka wowɔ tsɔ de bubu Mardoxai ŋui, eye aleke wodoe ɖe dzii le esia ta? Fia ƒe dɔlawo, siwo le esubɔm la, ɖo ŋu bena: Womewɔ naneke nɛ o. 4 Eye fia la gblɔ be Amekae le xɔxɔnua? — Haman ye va fiasã ƒe xɔxɔnu gbãtɔ be, yeagblɔ na fia la be woahe. Mardoxai ɖe ati, si wòtu nɛ la ŋu. — 5 Tete fia ƒe dɔlawo gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, Haman ye tsi tre ɖe xɔxɔnu la! Eye fia la gblɔ be Neva me 6 Esi Haman ge ɖe eme la, fia, la biae bena: Nuka woawɔ na ŋutsu, si ŋu fia le didim be, yeade bubui? Tete Haman bu le eƒe ta me be Ameka gɔ̃ ŋu fia la ade bubui, ne menye nye ko oa? 7 Tete Haman ɖo ŋu na fia la bena: Ne fia la di be, yeade bubu amea ɖe ŋu la, 8 ekema woaɖe fiawu, si fia dona kple sɔ, si fia dona, si ƒe ta fiakuku le la, ɖe go; 9 emegbe woatsɔ awua kple sɔ Ia ade asi na bubumeawo, siwo nye fia: ƒe amegãwo dometɔ ɖeka la, ne wòado na ŋutsu, si ŋu fia di be, yeade bubui la, wòana wòado sɔ ato dua ƒe ablɔ me, eye wòanɔ ɣli dom le eŋgɔ be: Ale woawɔ na ŋutsu, si ŋu fia di be yeade bubui enye si! 10 Tete fia la gblɔ na Haman bena: Netsɔ, natsɔ awua kple sɔ la, eye nawɔ na Yudatɔ Mardoxai, amesi bɔbɔ nɔ fia ƒe agbonu la, abe alesi negblɔ ene; eye megana naneke nato le nya, siwo katã negblɔ la me o! 11 Eye Haman tso awu kple sɔ la, edo awua na Mardoxai, eye wòna wòdo sɔ la to dua ƒe ablɔ me, eye wòle ɣli dom le eŋgɔ be: Ale woawɔ na ŋutsu, si ŋu fia di be, yeade bubui la enye si! 12 Azɔ Mardoxai trɔ va fia ƒe agbo me; ke Haman ɖe abla yi eƒe me, eye wòle nu xam hetsɔ nu tsyɔ ta. 13 Eye Haman xlẽ nusiwo katã dzɔ ɖe edzi la, fia srɔ̃a Zeres kple exɔlɔ̃awo katã. Tete eƒe nunyalawo kple srɔ̃a Zeres wogblɔ nɛ bena. Nenye Yudatɔwo ƒe dzidzimeviwo dome Mardoxai, amesi ŋku me nede asi toyiyi me le tso la, ekema màte ŋu awɔ nanekee o, ke boŋ to kokoko nayi agayi le eŋku me! 14 Esime wogale nu ƒom kplii la, fia ƒe aƒe dzikpɔlawo va kplɔ Haman enumake yi kplɔ̃, si Ester ɖo la ŋu. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana