Ester 5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Ester yi fia gbɔ. 1 Le ŋkeke etɔ̃agbe la Ester do fiawu, eye wòyi fiasã ƒe xɔxɔnu emetɔ, si le fia ƒe xɔ ŋgɔ la. Fia la bɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui dzi le fiasã me dze ŋgɔ aƒe la ƒe ʋɔtru. 2 Ke esi fia la kpɔ fiasrɔ̃ Ester wòtsi tre ɖe xoxɔnua la, eve enu; eye fia la lé sikafiatikplɔ ɖe asi do ɖe Ester; tete Ester te va heka asi fiatikplɔ la ta me. 3 Fia la gblɔ nɛ bena: Fiasrɔ̃ Ester, nya ka dzɔ ɖe dziwò, eye nuka dim nèle? Nenye fiaɖuƒe la ƒe afã gɔ̃e hã la, woatsɔe ana wò! 4 Ester ɖo ŋu bena: Ne edze fia ŋu la, ekema fia kple Haman neva kplɔ̃, si meɖo nɛ egbe la ŋu. 5 Tete fia la gblɔ be: Miɖayɔ Haman vɛ kaba, be míawɔ Ester ƒe nya la dzi! Eye fia la kple Haman wova kplɔ̃, si Ester ɖo la ŋu. 6 Esime wole wein nom la, fia la gblɔ na Ester bena: Nuka dim nèle? Woana wò! Eye nuka biam nèle? Nenye fiaɖuƒe ƒe afã gɔ̃e hã la, woawɔ edzi! 7 Ester ɖo ŋu gblɔ bena: Nye biabia kple nye didi enye si: 8 Ne fia la ve nunye, eye ne edze fia la ŋu be, wòana nye nubiabiam, eye wòawɔ nye didi dzi la, ekema, ne fia kple Haman wova kplɔ̃, si magaɖo na wo ŋu la, mawɔ fia ƒe nya la dzi etsɔ. Haman di Mardoxai ƒe ku. 9 Tete Haman do go gbemagbe kple dzidzɔ, eye eƒe dzi gbɔ ɖe eme. Ke esi Haman kpɔ Mardoxai le fia ƒe agbo me metsi tre, ne wòahayi eɖokui ʋã ge le eŋku me o la, dzi ku Haman vevie ŋutɔ ɖe Mardoxai nu; 10 ke Haman zi eɖokui dzi. Esi wòva eƒe me la, edɔ woɖayɔ exɔlɔ̃wo kple srɔ̃a Zeres vɛ. 11 Eye Haman xlẽ eƒe kesinɔnu nyuiawo, via gbogboawo kple nusiwo katã fia la tso ɖoe gãe, kpakple alesi wòtsɔe ɖo amegãwo kple fia ƒe dɔlawo dzi la na wo. 12 Eye Haman gagblɔ bena: Fiasrɔ̃ Ester hã mekpe amea ɖeke kpe ɖe fia ŋu ɖe kplɔ̃, si wòɖo la ŋu o, negbe nye ko; etsɔ hã egakpem kpe ɖe fia la ŋu. 13 Ke nusiawo katã meɖi ve nam o, ŋkeke alesi megale Yudatɔ Mardoxai kpɔm wobɔbɔ nɔ fia ƒe agbo me. 14 Tete srɔ̃ Zeres kple xɔlɔ̃wo katã gblɔ nɛ bena Na, woatu ati wòakɔ abɔklugui blaatɔ̃, eye etsɔ la nagblɔe na fia la, ne woahe Mardoxai ɖe eŋu; emegbe nayi kplɔ̃ ŋu kple dzidzɔ kpakple fia la! Eye nya la dze. Haman ŋu, eye wòna wotu ati la. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana