Ester 4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yudatɔwo fa konyi, eye wotsi nu dɔ. 1 Esi Mardoxai se nya, siwo katã dzɔ la, Mardoxai dze eƒe awuwo, ta akpanya, si afi, eye wòto dua titina le ɣli dom sesĩe nublanuitɔe 2 heva fia ƒe agbo nu; elabena amea ɖeke mekpɔ mɔ anɔ akpanya me age ɖe fia ƒe agbo me o. 3 Eye nuxaxa gãa ɖe ɖo Yudatɔwo dome le anyigba, siwo katã dzi fia ƒe nya kple eƒe se la de la dzi, wotsi nu dɔ, wofa avi, eye wofa konyi, eye wo dometɔ geɖewo ta akpanya hesi afi. 4 Esi Ester ƒe nyɔnudɔlawo kple eƒe aƒe dzikpɔlawo va toe nɛ la, dzika tso fiasrɔ̃ la ƒo ŋutɔ, eye wòɖo awuwo ɖa, be woatsɔ ado na Mardoxai, ne woaɖe akpanya la le eŋu; ke egbe wo xɔxɔ. 5 Tete Ester yɔ Hatax tso fia ƒe aƒe dzikpɔla, siwo wòɖe, be woasubɔe la dome, eye wòdɔe ɖo ɖe Mardoxai gbɔ, be yeanya nusi dzɔ kple nusi ta wòwɔ alea ɖo. 6 Eye Hatax yi Mardoxai gbɔ le dua ƒe ablɔ, si le fia ƒe agbo nu la me. 7 Tete Mardoxai gblɔ nusiwo katã dzɔ ɖe eɖzi, kple klosalo, si ŋugbe Haman ɖo be, yeada atsɔ de fia ƒe kesinɔnuwo me ɖe Yudatɔwo ta, ne yeatsrɔ̃ wo la ƒe xexlẽme nɛ. 8 Etsɔ se, si wode le Susa, be woatsrɔ̃ wo la ƒe ŋɔŋlɔ ɖe asi nɛ, ne wòaɖatsɔ afia Ester, eye wòagblɔ wo nɛ; eye wòdɔe, be wòayi fia la gbɔ, ne wòaƒo koko nɛ, eye wòaɖe kuku nɛ ɖe eƒe ɖukɔ la ta. Mardoxai di kpekpeɖeŋu tso Ester gbɔ. 9 Eye esi Hatax va gblɔ Mardoxai ƒe nyawo na Ester la, 10 Ester ƒo nu kple Hatax, eye wòɖoe ɖe Mardoxai gbɔ bena: 11 Fia ƒe dɔlawo katã kple fia ƒe anyigbawo dzitɔwo nyae bena, ne ŋutsu alo nyɔnua ɖe yi fia gbɔ le xɔxɔnu emetɔ, eye womeyɔe hafi o la, se ɖeka koe li, be woawui, negbe amesi ke fia la do sikafiatikplo ɖo la, eya koe tsia agbe; ke womeyɔm, be mayi fia la gbɔ o ŋkeke blaetɔ̃ enye si. 12 Eye woɖagblɔ Ester ƒe nyawo na Mardoxai. 13 Tete Mardoxai be, woaɖo ŋu na Ester be: Megasusu be, wòa akpɔ ɖeɖe le fia ƒe me tso Yudatɔwo katã dome o; 14 elabena ne àzi kpi le ɣeyiɣi sia me la, ekema ablɔɖe kple ɖeɖe atso afi bubua ɖe ava na Yudatɔwo, ke mia kple fofowò ƒe aƒe ya miatsrɔ̃ amea ɖe menya nu o, ɖewohĩ ɣeyiɣi sia tae fianyenye la su asiwò ɖo. 15 Tete Ester be, woaɖagblɔ na Mardoxai be: 16 Yi ɖaƒo Yudatɔ, siwo katã le Susa la nu ƒu, eye mitsi nu dɔ le tanye, migaɖu nu o, eye migano nu o zã kple keli ŋkeke etɔ̃ sɔŋ; mía kple nye nyɔnudɔlawo hã míatsi nu adɔ alea, eye manɔ alea ayi fia la gbɔ menye le sekɔ la nu o, eye ne meku la, ɖe meku! 17 Eye Mardoxai yi ɖawɔ pɛpɛpɛ, abe alesi Ester de se nɛ ene. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana