Ester 3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Haman ƒe ŋukeklẽ kple ɖoɖo bena, woatsrɔ̃ Yudatɔwo. 1 Le nya siawo megbe la fia Axasweros do gã Haman, Hamedata vi, si nye Agagitɔ la, gãe edoe ɖe dzi, eye wotsɔ eƒe zikpui ɖo amegã, siwo katã le eŋu la tɔwo ŋgɔ. 2 Fia ƒe ɖɔla, siwo katã le fia ƒe agbo me la, bɔbɔna dea la agu na Haman, elabena alea fia la de se le, eŋu; ke Mardoxai mebɔnɔna nɛ o, eye mede ta agu hã o. 3 Tete fia ƒe dɔla, siwo le na ƒe agbo me la, gblɔna na Mardoxai bena. Nukaŋuti nele fia ƒe se dzi dam? 4 Esime wole alea gblɔm nɛ gbesiagbe, ke medo toe na wo o la, woɖagblɔe na Haman be, yewoakpo be, woalɔ̃ ɖe Mardoxai ƒe nuwɔwɔ dzi loo; elabena egblɔ be, Yuɖatɔ yenye. 5 Eye esi Haman kpɔ be, Mardoxai mebɔbɔ hede ta agu na ye o la, dzi ku Haman vevie. 6 Ke ebu Mardoxai ɖeɖeko wuwu numaɖinui; elabena woyɔ Mardoxai ƒe dukɔ nɛ. Eyata Haman di be, yeatsrɔ̃ Yudatɔ, siwo katã le Axasweros ƒe fiaɖuƒe blibo la me, siwo nye Mardoxai ƒe dukɔ la. 7 Le dzinu gbãtɔ, si nye dzinu Nisan me, le fia Axasweros ƒe ƒe wuievelia me la, woda pur, si nye nudzidzernu le Haman ŋku me le ŋkeke sia ŋkeke dzi kple dzinu sia dzinu me vaseɖe dzinu wuievelia, si nye dzinu Adar me. 8 Tete Haman gblɔ na fia Axasweros bena: Dukɔ ɖekaa ɖe li, si kaka, eye, wòmã ɖe dukɔwo dome le wò fiaduƒe ƒe anyigbawo katã dzi; woƒe sewo to vovo tso dukɔ sia dukɔ tɔ gbɔ, eye womewɔa fia ƒe sewo dzi o; eyata medze fia be, wòazi kpi akpɔ wo alea o. 9 Ne edze fia ŋu la, ekema nena woaŋlɔ agbalẽ, ne woawu wo, eye mada klosalo talento akpe ewo na dzikpɔla wo woatsɔ ade fia ƒe kesinɔnuwo me. 10 Tete fia la ɖe eƒe ŋkosigɛ le asi hetsɔ na Haman, Hamedata vi, Agagitɔ, si nye Yudatɔwo ƒe ketɔ la. 11 Fia la gblɔ na Haman bena: Klosalo la nenɔ anyi ko; gake woawɔ dukɔ: la, alesi dze ŋuwò! 12 Tete woyɔ fia ƒe agbalẽŋlɔlawo le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke wutetɔ̃lia dzi, eye woŋlɔ agbalẽ, abe alesi Haman de see ene, ɖe anyigba sia anyigba ƒe nuŋɔŋlɔ kple dukɔ sia dukɔ ƒe gbegbɔgblɔ nu heɖo ɖe fia ƒe amegãwo kple anyigba dzikpɔla, siwo le anyigba sia anyigba nu kpakple dukɔ sia dukɔ ƒe tatɔwo; woŋlɔe le fia Axasweros ƒe ŋkɔ me, eye wotsɔ fia ƒe ŋkɔsigɛ ɖo ŋkɔ ete. 13 Tete wode agbalẽ la duxɔlawo si ɖo ɖe fia ƒe anyigbawo katã dzi, be woatsrɔ̃ Yudatɔwo katã, woawu wo, eye woagblẽ wo, ɖeviwo kple tsitsiawo, vidzĩewo kple nyɔnuwo siaa le ŋkeke ɖeka dzi le dzinu wuievelia, si nye dzinu Adar ƒe ŋkeke wuietɔ̃lia dzi, eye woaha woƒe nuwo. 14 Agbalẽ la me nya enye si: Woade se le anyigba vovovoawo dzi, eye woana dukɔwo katã nanyae, ne woadzra ɖo ɖi le ŋkeke sia dzi. 15 Tete duxɔlawo yi kaba le fia ƒe nya la nu, eye wode se la le Susa-mɔ̃ me. Eye fia la kple Haman wobɔbɔ nɔ anyi le aha nom; ke ʋunyaʋunya ɖo Susa-du la me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana