Ester 2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Ester zu fianyɔnu. 1 Le nya siawo megbe, esi fia Axasweros ƒe dziku nu fa la, eɖo ŋku Wasti kple nusi wòwɔ kpakple tame, si wòɖo ɖe eŋu la dzi. 2 Tete fia la ƒe ɖekakpuiwo amesiwo subɔnɛ la, gblɔ bena: Ne wodi ɖetugbi dzetugbewo na fia la, 3 eye fia la neɖo dzikpɔlawo ɖe eƒe fiaɖuƒe ƒe anyigbawo katã dzi, ne woaƒo ɖetugbi dzetugbewo katã nu ƒu ɖe nyɔnuwo ƒe aƒe me le Susa-mɔ̃ me, eye woatsɔ wo ade fia ƒe aƒe dzikpɔla Hegai, amesi nye nyɔnuwo ŋudzɔla si me, eye wòasi atike na wo, 4 eye nyɔnuvi, si adze fia ŋu la, eya nanye fiasrɔ̃ ɖe Wasti teƒe! Tete nya la dze fia la ŋu, eye wòwɔ nenema. 5 Yuda-ŋutsua ɖe nɔ Susa-mɔ̃ me, amesi ŋkɔ nye Marɖoxai, Yair vi, amesi nye Simei vi, amesi nye Kis vi, enye Benyamintɔ 6 eye woɖe aboyo eya kple aboyomeawo tso Yerusalem hekpe ɖe Yuda-fia Yexonya, amesi Babel-fia Nebukaɖnezar ɖe aboyoe la ŋuti. 7 Eya nyi etɔɖia ƒe nyɔnuvi Hadasa, si nye Ester la wòtsi, elabena tɔ kple nɔ megale esi o. Nyɔnuvi la nyo, eye wòdze tugbe. Eye esi fofoa kple dadaa woku la. Mardoxai xɔe wòzu vianyɔnu. 8 Esime fia ƒe nya kple eƒe se ɖi wose, eye woƒo nyɔnuvi geɖewo nu ƒu ɖe Susa-mɔ̃ me hetsɔ wo de asi na Hegai la, wokplɔ Ester hã va fiasã la me hetsɔ de asi na nyɔnuwo ŋudzɔla Hegai. 9 Nyɔnuvi la dze eŋu, eye wòve enu. Tete wòwɔ kaba, be wòasi atike nɛ, wòana eƒe nuduɖui, eye woatsɔ nyɔnuvi adre, siwo wotia tso fiaƒe me la, akpe ɖe eŋu, eye wòna nɔƒe nyuitɔ eya kple eƒe nyɔnuviwo le nyɔnuwo ƒe aƒe la me. 10 Ke Ester meyɔ eƒe dukɔ kple wo de o, elabena Mardoxai de se nɛ be, megagblɔe o. 11 Eye Mardoxai ɖia tsa gbesiagbe le nyɔnuwo ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnu la nu, be yeanya, alesi Ester le kple nusi dzɔ ɖe edzi. 12 Eye ne fia Axasweros gbɔ yiyi ɖo nyɔnuviawo dome ɖesiaɖe dzi, esime wowɔ nɛ le nyɔnuwo ƒe kɔnu la nu dzinu wuieve sɔŋ megbe vo la, — elabena ɣeyiɣi geɖe siawo wogblẽna ɖe woƒe atikesisi ŋu; wosia miremi dzinu ade, eye wosia atike ʋeʋẽe kple nyɔnuwo ƒe ami ʋeʋẽe dzinu ade — 13 ekema nyɔnuvi la yia fia gbɔ, eye wotsɔa nusianu, si wòbia, be yeatsɔ tso nyɔnuwo ƒe me ayi fia ƒe me la nɛ. 14 Ne eyi le fiẽ, eye wòtrɔ gbɔ va nyɔnuwo ƒe aƒe evelia me le ŋdi le fia ƒe aƒe dzikpɔla Saasgaz, amesi nye ahiãwo ŋudzɔla ƒe dzikpɔkpɔ te la, ekema mekpɔ mɔ agayi fia la gbɔ o, negbe ne eƒe nu nyo fia ŋu, eye wòyɔe hafi. 15 Eye esi wòɖo Ester, amesi nye Mardoxai tɔdia Abixayil ƒe vinyɔnu, si wòxɔ wo vianyɔnui dzi, be wòayi fia gbɔ la, mebia naneke o, negbe nusi fia ƒe aƒe dzikpɔla Hegai, amesi nye nyɔnuwo ŋudzɔla ɖo la ko. Eye Ester nu nyo amesiwo katã kpɔe la ŋu. 16 Wokplɔ Ester yi fiasã me le fia Axasweros gbɔ le dzinu ewolia, si nye dzinu Tebet la me, le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adrelia me. 17 Eye fia la lɔ̃a Ester wu nyɔnuwo katã, eƒe nu nyo eŋu, eye wòve enu wu ɖetugbiawo katã, etsɔ fiakuku la dɔ nɛ, eye wòtsɔe ɖo fiasrɔ̃e ɖe Wasti teƒe. 18 Eye fia la tu aglo gãa ɖe na eƒe amegãwo katã kple eƒe dɔlawo, si nye Ester ƒe aglo; ena anyigbawo dzinɔlawo dzudzɔ dɔwɔwɔ, eye wòna nu, abe alesi dze fia ene. 19 Esi woƒo ɖetugbiwo nu ƒu zi evelia la, Mardoxai bɔbɔ nɔ fia ƒe agbo nu. 20 Ke Ester meyɔ wo de kple eƒe dukɔ o, abe alesi Mardoxai de se nɛ ene, eye Ester ɖo to Mardoxai ƒe gbe, abe alesi wònɔ egbɔ wònyii wòtsi ke ene. Mardoxai ka atam ɖe fia ŋu. 21 Le ɣemaɣi, esi Mardoxai bɔbɔ nɔ fia ƒe agbo nu la, fia ƒe aƒe dzikpɔla eve, Bigtan kple Teres, amesiwo tso, agbonudzɔlawo dome la, do dɔmedzoe, eye wodi be, yewoawu fia Axasweros. 22 Tete Mardoxai se nya la, eye wògblɔe na fiasrɔ̃ Ester, eye Ester gblɔe na fia la le Mardoxai ƒe ŋkɔ me. 23 Esi wodzro nya la me kpɔ be, ele me la, wohe wo ame eve la ɖe ati ŋu, eye woŋlɔe ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ me na fia la. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana