Nyagblɔla 9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Megana mawuvɔ̃lawo kple vɔ̃ɖitɔwo ƒe sɔsɔ le gota naflu wo o. 1 Nusiawo katã ŋu metsɔ nye tame ɖo, eye medzro wokɔtã me kpɔ be: Ame dzɔdzɔewo kple nunyalawo kpakple woƒe nuwɔwɔwo le Mawu si me; amegbetɔ medze si lɔlɔ̃ kple fuléle tsã o; wo katã wodo ŋgɔ na wo. 2 Nu ɖeka ƒomevie kpea amewo katã: Nya ɖeka tɔgbe dzɔna ɖe ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi, ame nyui, eme dzadzɛ kple eme madzamadza, vɔsala kple eme masavɔ, ame nyui kple nuvɔwɔlm atamkala kple amesi atam dzia ŋɔ na la dzi. 3 Esia nye vɔ̃ gã le nusiwo katã dzɔna le ɣea te la dome be, nye ɖeka tɔgbe dzɔna ɖe amewo katã dzi; eyata vɔ̃ɖiwɔwɔ yɔa amegbetɔviwoƒe dzi me, eye aɖaʋadzedze le woƒe dzi me le woƒe agbenɔɣi katã; ke emegbe la woayi kukuawo gbɔ. 4 Elabena amesi gale ha dem kple agbagbeawo ko le mɔkpɔkpɔ le esi; elabena avu gbagbe nyo wu dzata kuku. 5 Elabena agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menye naneke o, fetua ɖeke megali na wo o, eye woŋlɔ woƒe ŋkɔ be. 6 Woƒe emelɔlɔ kple fuléle kpakple ŋuʋaʋã nu yi gbaɖegbe ke, eye womagakpɔ gome le nusiwo katã dzɔna le ɣea te la me akpɔ o. Ɖu Mawu ƒe nunanawo kple dzidzɔ, eye nawɔ nusi ƒe se wode na wo. 7 Eyata yi naɖu wò abolo kple dzidzɔ, eye nano wò wein le dzidzeme me, elabena gbaɖegbe ke Mawu tso na wò nuwɔwɔ sia. 8 Wò avɔwo nefu ɣeawokatãɣi, eye ami megagbe wò tamenɔnɔ o. 9 Mia kple nyɔnu, si nèlɔ̃na la, miɖu agbe le wò agbenɔnɔ ƒuƒlu ƒe ŋkekewo katã, si wotsɔ na wò le ɣea le la me, ŋkeke ƒuƒlu, siwo katã nele agbe; elabena esia nye wò agbe kple wò agbagba, si nèdze le ɣea te la ƒe gome. 10 Nusianu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ; elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afisi yi ge nala o. 11 Eye megakpɔ le ɣea te be, duƒuƒu mele alo ɖablae me o, aʋawɔwɔ mele kalẽ me o, nuɖudukpɔkpɔ mele nunya me o, kesinɔnu mele ayedzedze me o, eye ŋudzedzekpɔbpɔ mele nugɔmesese me o, ke boŋ azãgbe kple nudiɖeame li na wo katã. 12 Amegbetɔ menya eƒe azãgbe o, ke boŋ abe alesi wotsɔa dɔ vɔ̃ɖi ɖea tɔmelãwo, eye wotsɔa mɔ̃ ɖea xewoe la, nenema woɖea amegbetɔviwo abe woawo ene le dzɔgbevɔ̃eɣi, ne eƒo ɖe wo dzi kpoyi. Nunya tsoa aseye. 13 Mekpɔ nunya sia hã le ɣea te, eye wòdze gã nam: 14 Du suea ɖe li, ŋutsu ʋeea ɖewo koe le eme; tete fia gãa ɖe ho ɖe eŋu, eɖe to ɖee, eye wòƒo kpo gãwo ɖe eŋu. 15 Ŋutsu ɖahe nyanua ɖe le eme; eyae tsɔ eƒe nunya xɔ du lae; ke amea ɖeke medo ŋku ŋutsu dahe ma dzi o. 16 Tete megblɔ be: Nunya nyo wu ŋusẽ, ke wodoe vlo ame dahe ƒe nunya, eye womeléa to de eƒe nyawo ŋu o. 17 Wosea nunyala ƒe nyawo le dziɖeɖi me wu dziɖula ƒe ɣli le bometsilawo dome. 18 Nunya nyo wu aʋawɔnuwo; ke nuvɔ̃wɔla ɖe ka gblẽa nu nyui geɖe dome. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana