Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Nyagblɔla 8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Toɖoɖo dziɖuɖu. Enyona na amesiwo vɔ̃a Mawu.

1 Amekae le ahe nunyala ene? Eye ameka se nuwo gɔmeɖeɖe me? Nunya nana amegbetɔ ƒe mo kɔna, eye eƒe mo kplala la trɔna.

2 Mebe: Dzra fia ƒe sedede ɖo le Mawu ƒe atam la te.

3 Wò afa megatsɔ nadzo le esia gbɔ o; megaɖo nya vɔ̃ me o; elabena nusianu, si dze eŋu la, awɔe.

4 Esi wònye ŋusẽ le fia ƒe nya ŋu ta la, ameka agblɔ nɛ be: Nuka wɔm nele?

5 Amesi dzra sedede ɖo la, vɔa ɖeke mava edzi o, eye nunyala ƒe dzi nyaa azãgbe kple ʋɔnudɔdrɔ.

6 Elabena azãgbe kple ʋɔnudɔdrɔ̃ li na nuwɔwɔ ɖesiaɖe, elabena amegbetɔ ƒe vɔ̃wɔwɔ do agba ɖe edzi.

7 Elabena menya nusi gbɔna dzɔdzɔ ge o; eye ameka ate ŋu agblɔ nusi le dzɔdzɔ ge la nɛ?

8 Amegbetɔa ɖeke mekpɔ ŋusẽ ɖe ya dzi be, wòaxe ma na ya o; amea ɖeke mekpɔ ŋusẽ ɖe kugbe dzi o, eye asiɖeɖe le ame ŋu meli le aba me o; nu vɔ̃ɖi wɔwɔ mexɔna na ewɔla o.

9 Nusiawo katã mekpɔ, eye melsɔ nye tame ɖo nuwɔwɔ, siwo katã dzɔna le ɣea te, le ɣeyiɣi, si me amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi bena woƒe dzɔgbevɔ̃e la ŋuti.

10 Emegbe mekpɔ woɖe ame vɔ̃ɖiwo yɔ me, eye woyi gbɔɖemeƒe; ke ele na amesiwo wɔa nu dzɔdzɔe la be, woaʋu adzo le teƒe kɔkɔe la, eye woŋlɔ wo be le dua me. Esia hã tofloko wònye.

11 Esi afia menye tsona le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu kaba o ŋuti la, eyata dzi doa amegbetɔviwo ƒo ŋutɔ de nu vɔɖi wɔwɔ ŋu.

12 Ne nuvɔwɔla wɔa vɔ̃ zi alafa, gake nɔa agbe didie hã la, nyee menyae be, eme anye na mawuvɔ̃la, siwo sia eƒe ŋku me.

13 Ke eme menye na ame vɔ̃ɖiwo o, eye abe vɔvɔli ene womanɔ agbe didie o, elabena womevɔ̃a Mawu o.

14 Nu dzodzroa wònye dzɔna le anyigba dzi be: Ame dzɔdzɔea ɖewo li nya dzɔna ɖe wo dzi le eme vɔ̃ɖiwo ƒe nuwɔwɔ nu, eye ame vɔ̃ɖia ɖewo li nya dzɔna ɖe wo dzi le ame dzɔdzɔewo ƒe nuwɔwɔ nu. Mebe: Esia hã toflokoe!

15 Eyata mekafu dzidzɔkpɔkpɔ be: Nu nyuia ɖeke mele ɣea te na amegbetɔ wu esia be, wòaɖu nu ana nu akpɔ dzidzɔ o. Eye esia akplɔe alo eƒe agbe me ŋkeke, siwo Mawu nae le ɣea le la ƒe agbagbadzedzewo me.

16 Esi meɖo nye tame anyi, be madze si nunya, eye makpɔ nuwɔwɔ, siwo dzɔna le anyigba dzi ɖa la, — elabena ŋkeke kple zã amegbetɔ ƒe ŋku mekpɔa alɔ o —

17 mekpɔ Mawu ƒe dɔwo katã be, amegbetɔ menya ta le nusiwo le ɣea te la nu o, eye ne amegbetɔ le kutri kum le edim hã, menya ta le enu o, eye ne nunyala be, yedze sii hã la, manya ta le enu akpɔ o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan