Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Nyagblɔla 7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nunya, ŋudzedze kpɔkpɔ kple madzramadzra kafukafu.

1 Ŋkɔ nyui nyo wu ami xɔasi, eye kugbe nyo wu dzigbe.

2 Kuteƒeyiyi nyo wu agloluƒeyiyi; elabena afi kemea nye emegbetɔwo katã ƒe nuwuƒe, eye wòdea dzigbɔ na agbagbeawo.

3 Nuxaxa nyo wu nukoko, elabena ne mo ɖo adã la, esɔnɛ na dzi.

4 Nunyalawo ƒe dzi le kuleƒe, ke bometsilawo ƒe dzi le dzidzɔleƒe.

5 Nunyalawo ƒe dzusese nyo wu, ne woase bometsilawo ƒe ha.

6 Elabena alesi aŋɔka wona kpotokpoto le ze gome la, nenema nye bometsilawo ƒe nukoko. Esia ha toflokoe.

7 Elabena sesẽnuɖuɖu doa bometsila nunyalawo, eye zãnunana gblẽa dzi.

8 Nu ƒe nuwuwu nyo wu eƒe gɔmedzedze; dzigbɔɖitɔ nyo wu ɖaɖala.

9 Wò gbɔgbɔ megayɔ ɖe dzikudodo ŋu o, elabena bometsilawo ƒe akɔtae dziku nana.

10 Megagblɔ be, nukata tsa ŋkekewo nyo wu fifitɔwo hã o, elabena mèle biabiam ɖe nunya me o.

11 Nunya nyo kpe ɖe domenyinu ŋu, eye wònye viɖe na amesiwo le ɣe kpɔm.

12 Elabena nunya doa vɔvɔli, eye ga hã doa vɔvɔli; eye sidzedze ƒe viɖe enye; Nunya léa amesi si wole la ƒe agbe ɖe te.

13 Ɖe ŋku ɖe Mawu ƒe ɖɔwo; elabena ameka hadzɔ nusi wòglɔ̃ la?

14 Kpɔ dzidzɔ le gbe nyui gbe, eye le dzɔgbevɔ̃egbe la ɖo ŋui be, Mawu ye wɔe abe ekeme ke ene, ne amegbelɔ maganya nusi adzɔ le emegbe o.

15 Nusiwo katã mekpɔ le nye agbe me ŋkeke ƒuƒluawo me la, enye esi: Ame dzɔdzɔea ɖewo tsrɔ̃na ɖe woƒe dzɔdzɔenyenye me, eye ame vɔɖia ɖewo nɔa agbe ɖiɖie ɖe woƒe vɔ̃ɖiwɔwɔ me.

16 Megawɔ nu dzɔdzɔe vivivo o, eye meganya nu tso eme akpa o; nukaŋuti nébe, yeaɖe ye ɖokui tsɔtsrɔ̃ me ɖo?

17 Megawu nu vɔ̃ɖi wòagbɔ eme o, eye meganye bometsila o; nukaŋuti nẽbe, yeaku, hafi azã nava de?

18 Enyo, ne ele esia ɖe asi sesie, eye ekemea hã niege le asiwò o; elabena amesi vɔ̃a Mawu la, ƒoa asa na wo katã.

19 Nunya naa ŋusẽ nunyalawo wu ŋusẽtɔ ewo, siwo le du me.

20 Elabena ame dzɔdzɔea ɖeke mele anyigba dzi, si wɔa nu nyui sɔŋ, eye mewɔa nuyɔ o.

21 Megalé to hã ɖe amewo ƒe nusiwo katã woƒona la ŋu o, ne mãgasee, ne wò dɔla le ɖiŋu dom na wò ti.

22 Elabena ele ŋku dzi na wò be, wò hã edo ɖiŋu na ame bubuwo zi geɖewo.

23 Nusiwo katã metso nunya te kpɔ la, wonye si: Mebu be, madze nunya; ke etsi adzɔgedzɔgee nam.

24 Nusi li la, adzɔge wòle; ele to me, ẽ, to me wòle; ameka ƒe asi atui?

25 Eye metrɔ hetsɔ tame ɖo anyi, be madze si nunya kple tamebubu, madzro eme, eye madii, ne manyae be, nu vɔ̃ɖi wɔwɔ la bometsitsi wònye, eye lãnyenye la aɖaʋadzedze wònye.

26 Eye mekpɔ be, nusi vena wu ku, enye nyɔnu, si nye ɖɔ vena kaɖikaɖi wu ku ɖeɖe sɔŋ, ete dzi nye mɔ̃ka, eye eƒe asiwo nye kunyowu. Amesi ƒe nu nyo Mawu ŋu la, sina le enu, ke eɖea nuvɔ̃wɔlawo.

27 Kpɔ ɖa, nyagblɔla be: Esiawoe nye asi tu ɖekaɖeka, ne makpɔ sidzedze.

28 Nusi dim mele atraɖi nyemekpɔe o la, enye si Mekpe ŋutsu ɖeka le wo ame akpe ɖome, ke nyemekpɔ nyɔnu le esiawo katã ɖome o.

29 Negbe esia ko mekpɔ be, Mawu wɔ amegbetɔwo woto mɔ ɖeka, ke woawo dia ayedzedze geɖe.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan